20-1216 Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

12/16/2020

Hame Lɔlɔ̃a Ɖiƒoƒo Kple Ayilele Ɖeke Manɔnutɔ,
Míeda akpe ale gbegbe egbea ɖe nusiwo katã Wòwɔ, kple esiwo katã wɔm Wòle na mí ta. Ne míeyi ɖe Eyama gbɔ le gbedodoɖa me, hedze agbagba be míaɖe nusi le míaƒe dziwo me gblɔ la, mebɔbɔna o. Ke, abe alesi wòlena nububu siwo míewɔna ene la, míetrɔna ɖe Nya la ŋu, elabena enye NUSIANU NA MÍ.

O, mina míade míaƒe ta to eye míagblɔ be:
“Fofo, míelɔ̃ Wò. Míelɔ̃ Wò. O, ale gbegbe míelɔ̃ Wò! Míede Akpe na Wò, geɖe ŋutɔ, Aƒetɔ. O, míaƒe—míaƒe dzi dahɛwo mateŋu ɖe nusi sem míele le míaɖokuiwo me agblɔ, kuɖe alesi Nèletsi na mí le Wò Ŋutɔ Ʋuwò me o. Amedzrowo míenye vayi, Aƒetɔ. Míe—míelɔ̃ xexeame nuwo, eye mí katã—katã tra ɖe xexeame nuwo me le afima, ke Nèɖi va le Wò amenuveve me heƒo Wò asi kɔkɔe xɔasiwo ɖe nuvɔ̃ ɖiƒoƒo si me míele me, ɖe mí dogo, tia mí, letsi na mí, tutu mía ŋu, de Gbɔgbɔ yeye mía me, ke hã trɔ míaƒe susuwo ɖe dziƒonuwo ŋu. Ale gbegbe míelɔ̃ Wò, Aƒetɔ!”
Wò AMENUVEVE WƆ NUKU Fofo. Be míabu eŋu be Nètia mí, be Nèletsi na mí, eye emegbe la Nède Wò Gbɔgbɔ mía me. Ɛ̃ Aƒetɔ, míelɔ̃ Wò!

Le Agbenɔɣi si woble sia me, esime nububu aɖeke mega susɔ na mí le xexeame me o, Aƒetɔ. Naneke mesusɔ na xexeame o, enye—enye—enye nuwuwuɣi. Míekpɔ to Biblia me, be agbenɔɣi ɖesiaɖe ŋu vayi. Míele nuwuwu azɔ, enu le yiyim kaba kaba. Magadidi o Yesu ava. O Mawu, de dzo míaƒe dziwo me, mega na míazi kpoo o.

O Aƒetɔ ale gbegbe míede akpe be Èle dzodom míaƒe dziwo me to Wò Nya ƒe ɖeɖefia me na mí wu tsã. To Wò Nya sese me la, míekpɔ be míele nuwuwu. Ŋɔŋlɔawo le me vam le míaƒe ŋkuwo me gbesiagbe.

Aƒetɔ, míaƒe gbedodoɖa tso míaƒe dzi me, kee nye esi:

Ke azɔ, Aƒetɔ, medogbeɖa be Nàlé míaƒe luʋɔwo ɖe Wò asi me, nya mí, li mí, elabena Wogblɔ be Wò “nègbɔna na Hame aɖe si ŋuti ɖiƒoƒoa aɖeke alo ayilélea ɖeke manɔ o”
Ná be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ga dzedzo la na li ayiléle ɖesiaɖe le mía ŋu, ke míele te hele gbesɔsɔ na Amegbetɔvi la ƒe vavã.

Amen ɖe amen dzi.

Nɔvi. Joseph