26-0125 Biabiawo kple Ŋuðoðowo #1

Gbedasi: 64-0823M Biabiawo kple Ŋuðoðowo #1

PDF


BranhamTabernacle.org

Branham ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Gbedoname na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ si tso xexeame ƒe akpa vovovowo, amesiwo xɔ se be Branham ƒe Agbadɔ, Mawu ƒe Gbe, nye yewoƒe aƒeme hame si me wole yewo nyim le gbɔgbɔme kple Mana ɣaɣla si wodzra ɖo ɖi dzi eye wokpɔ eta na Kristo ƒe Ŋugbetɔ la.

afisiae nye nye tanɔƒe; afisiae nye afisi míeɖo egɔme anyi ɖo. Azɔ, milé ema ɖe susu me meka nusi adzɔ o. Azɔ, ne miedze nunya la, mialé nane. Meka nusi adzɔ o la, afisiae nye míaƒe tanɔƒe, afisia tututu!

Xɔsetɔ geɖewo sea nu gɔme baɖa ɣesiaɣi alo dea woawo ŋutɔ ƒe susu alo gɔmeɖeɖe nusi Nyagblɔɖila la gblɔ le afisia ŋu, gake ele gbɔgblɔm na Ŋugbetɔ la tẽ be, “Ne miedze nunya la, mialé nane, míaƒe tanɔƒe yenye esia, le afisia tututu!”

Nukae dim wòle be yeagblɔ to ema dzi?

Esi Nɔviŋutsu Branham nɔ afisia la, ame geɖe se egɔme baɖa eye wosusu be ele be Ŋugbetɔ la nayi Arizona aɖadze eyome le afima, be wòanɔ Kɔkɔdzɔe la me. Nɔviŋutsu Branham ɖo eŋu na wo eme kɔ be: MINƆ AFISIA, TEƑE LAE NYE ESI.

ame hatsotso gãa ɖe le wo dome tra le mɔ la dzi, eye wodi be yewoayi esia dzi awɔ ema, le esi megblɔ na wo be woanɔ afima vɔ megbe. Nɔ afima, nɔ afisia tututu; esia nye teƒe la.

Amewo dzo le afisiafi le Dukɔ Ƒoƒuawo me godoo be yewoayi Arizona, gake egblɔ na wo eme kɔ be: Minɔ afisia tututu, esiae nye teƒe la!

Minɔ Jeffersonville a? Nusi wògblɔ ye ma!

Nye Ɖeɖefia enye be, Mawu ye, wònye nɔ nuƒom to Eƒe Nyagblɔɖila dzi henɔ gbɔgblɔm na amewo be, “MINƆ ANYI KPLE NYAƑOKAWO” TEƑE LAE nye ema!

Ete ɖe dzi ale gbegbe eye wògblɔ be ele be yeawɔ nane kple amemawo katã. Nukae wòle be wòawɔ? Hame kae wòaɖo wo ɖa? Afikae wòle be woayi? Nukae Nɔviŋutsu Branham gblɔ be ele be yeawɔ?

Ke azɔ la, ele nam be makplɔ ɖeviawo gbɔ va afisia be woakpɔ nane aɖu. Wole gbedadaƒo le afima dɔ le wowum.

Megblɔ be ahiã be woayi hanɔƒe aɖe si le nutoa me aɖaxɔ kɔ suewo siwo woate ŋu anyi wo o. Egblɔ be ele be YEAGBUGBƆ wo ava AFISIA hena nane ɖuɖu, ne menye nenema o la, WOAKU DƆ KU.

NYE ƉEƉEFIA, XƆLƆ̃WO.

Azɔ, menye be woagase egɔme baɖa ake o, alo agblɔ nya aɖe si megblɔ o, le gbɔgblɔ me be, “Nɔviŋutsu Branham di be xɔsetɔ ɖesiaɖe naʋu ayi Jeffersonville be wòanye Ŋugbetɔ la.” Nɔviŋutsu Branham nya be amemawo katã, kple xɔsetɔ ƉESIAƉE si tso xexeame ƒe akpa vovovowo, mate ŋu aʋu ayi ɖanɔ Jeffersonville o. Ema manya wɔ o. Ke nuka wòdi be yeagblɔ? Enɔ Kristo ƒe Ŋugbetɔ la WƆM ƉEKA le NYAƑOKAWO siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi hedzra ɖo ɖi na Ŋugbetɔ la nɛ be wòaɖu la ŋu.

Gbedeasi sia, Gbe sia, nye Mawu ƒe Nya si wogblɔ na egbea eye Awɔ Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ɖeka eye wòana wòade blibo.

Nu kuku lae nye nusi hɔ̃wo ɖuna. Azɔ, wobua hɔ̃ le Biblia me be, enye nyagblɔɖila. Nyagblɔɖila enye hɔ̃. Mawu—Mawu yɔ Eɖokui be hɔ̃, eye míenye “hɔ̃viwo” ekema, xɔ—xɔsetɔwoe. Mikpɔea? Eye nukae nye nu kuku si woɖuna? Nya lae. Afisiafi si Nya la le la, xevi la aɖe ye ŋutɔ ƒe dzɔdzɔme afia.

Afikae Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ƒe Nya dzadzɛ, si dzi woɖo kpe, gɔme masemase ɖeke manɔmee le egbea mahã? Teƒe ɖeka koe li, Nyaƒokawo ye.

Mate ŋu ayi edzi aga yi edzi, numegbe ɖe numegbe dzi, gake Gbedeasi sia kple nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ la bia Ɖeɖefia aɖe tso Mawu gbɔ. Ele be míaxlẽ fliawo domee to ɖeɖefia me, gake míagblɔ nusi wògblɔ. Elabena Enye NYA DZADZƐ la.

Biabia kple Ŋuɖoɖowo na egbea kple nusi dzi MEXƆ SE.

Egbea la, mawunyagblɔla geɖewo le gbɔgblɔm na ameawo be to Aƒeme Nyaƒoka Hame wɔwɔ me la, míele Nya la kple nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ be míawɔ la godo. Wosea le woɖokui me be ele be míayi nusi woyɔa hebuna be hame gbɔ.

Numegbe geɖe, geɖe ŋutɔŋutɔ li siwo me Nɔviŋutsu Branham gblɔ nya sia le eme kɔ ƒã.

Azɔ, miheyi Nyanyuie Bliboa ƒe hame nyuia ɖe me eye mikpɔ hame aɖe na mia ɖokui.

Eye mexɔ ema se kple nye dzi blibo, elabena egblɔe nenema. Gake mexɔe se be míele esia wɔm to AƑEME NYAƑOKA HAME wɔwɔ me. Menye míaƒe teƒe yenye nusi le vevie na Aƒetɔ la o. Xɔtutu ko ema ya nye. Gake míaƒe dɔdeasi na Aƒetɔ lae nye be míanɔ anyi kple Eƒe Nya la, MENYE TEƑE AƉE ALO XƆTUTU AƉE O. Teƒea mexɔa Ŋugbetɔ la ɖe agbe hewɔŋɛ wòdea blibo o, NYA LA YE WƆNƐ.

Ne meyi sɔleme ƒe xɔtutu aɖe me, gake woŋlɔ NU VEVITƆ la si ŋye: ase Mawu ƒe Gbe to Play Zizi me, eye woɖɔli kple mawunyagbɔlawo ƒe nyagbɔgblɔ tso Gbedeasi la ŋu sese ƉEƉEKO me la, ɖe ema ana wò luʋɔ nakpɔ kɔɖiɖi eye wòanyia? Ate ŋu aɖi kɔ na wò luʋɔ, nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu, gake maɖi kɔ na Ŋugbetɔ la o.

Mina made nu nya me le afisia agblɔ be ame akpe geɖe li siwo si sɔlemexɔ si me woayi ɖeke mele o. Ðe wobua? Ne pastɔ alo hame mele wo si o la, ɖe ema fia be womate ŋu anye Ŋugbetɔ la oa? Ne èle sɔlemexɔ aɖe si didi agbadroƒe 100 me la, ɖe wòle be nàyi ɖe hame ma mea? Gake ne medidi boo wu la, mehiã be mawɔe oa? Ele be mase mawunyagblɔla le kame, gake nyemate ŋu ase nyaƒokawo le kame oa? Gota xɔtutu lae nye nusi nyagblɔɖila la le gbɔgblɔm be enye nu vevitɔ kekeake si wòle be míayi?

Afikae Nyagblɔɖila la di be yeakplɔ Ŋugbetɔ la ayii?

Ne miate ŋu ava agbadɔa me afisia o la,` kpɔ hamea ɖe le afiaɖe; nàyi.

Zi ɖeka ake la, afikae eƒe tiatia gbãtɔ le be yeaɖo ameawo ɖa?
Branham ƒe Agbadɔ la, Nya la, NYAƑOKA woe. Emae nye nusi Mawu na Eƒe Ŋugbetɔ be wòawɔ le nuwuɣi sia me, eye míele ewɔm gbesiagbe KPLE Kwasiɖagbe ɖesiaɖe.

Be miagasem gɔme baɖa o la. NYEMELE GBƆGBLƆM be ele be miase nyaƒoka le ka me kple Branham ƒe Agbadɔ la hafi anye Ŋugbetɔ la o. NYEMELE GBƆGBLƆM be mele be miade sɔleme o. NYEMELE GBƆGBLƆM be miate ŋu aɖo to mawunyagblɔlawo o. Ne èxɔe se nenema la, ke mèle Nya la me o. Mele gbɔgblɔm be Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒokawo dzi nye Gbe vevitɔ kekeake si WÒLE BE NÀSE, eye mexɔe se be ele be pastɔ ɖesiaɖe naƒo Gbe ma, nyaƒokawo, le woƒe hamewo me. Gake taflatsedodonya ɖesiaɖe le wosi be WOAGAƑO NYAƑOKAWO O. Ne wò hame yenye ema la, ke menye Nya le wònyim o.

Edze ƒã be esiae nye nusi medi be wòadzɔ o kple nusi amewo nɔ wɔwɔm.

Eye miyi sɔleme; miganɔ aƒeme o, ayi akpaɖeƒe, kple adegbe, kple nuwo nenema le Kwasiɖagbe o.

Míele ewɔm o. Míele ɖekawɔm ƒo xlã le nu ɖeka kolia si awɔ Ŋugbetɔ la ɖekɛ, Gbedeasi sia, Gbe sia ŋu.

Zi ɖeka ake la, mexɔ sɔleme yiyi dzi se. Hame geɖewo le xexeame godoo siwo le nyaƒokawo dam ɖe gbã nɔƒe le woƒe nyagblɔtiwo dzi, woakafu Aƒetɔ la. Ðe mexɔe se be ele be nànɔ aƒeme loo mènye Ŋugbetɔ la oa? AO, AO, AO….nyemesisui kpɔ o, nyemexɔe se kpɔ o. Ðeko medi be NÀZI PLAY dzi meka afisi nèle alo hame si me nèyina o.

Ne nusi gblɔm wòle ƒe Ɖeɖefia mele asiwò o la, ekema àte ŋu agblɔe kɔte be, “Mehiã be maɖo to Nɔviŋutsu Branham alo ahiã be MALƆ̃ ɖe nya siwo katã wògblɔa gɔ̃ hã dzi o. Egblɔ gɔ̃ hã be, ame geɖe bubuwo siwo Mawu yɔ li.”

Miheyi. Míede dzesii le afisia, egblɔ be, “Ðe wòle be míayi hame bubu si melɔ̃ ɖe dzi kpliwò oa?” Kakaɖedzitɔe, nyeme…Menye nye ɖeka koe nye kpe zɔzrɔ̃e si le ƒuata o, mienyae. Ma—mawumeme bubuwo li le afisiafi; mekpɔ mɔ be nye hã menye wo dometɔ ɖeka.

Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi enye NYE KPE ZƆZRƆE, NYE KPE GBADZA. Enye Gbe si medi be mase kple Gbe si medi be Branham ƒe Agbadɔ la nase.

Ne miedi be miawɔ ɖeka kpli mí la, ke miawoe zɔ kaka, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo. Miwɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe Game, esi míase Mawu ƒe Gbe wòanɔ biabia geɖe siwo anɔ wò dzi dzi ɖewo mãhi la ŋu ɖom. Eye se na ɖokuiwò kpɔ be ɖe nya siwo megblɔ le lɛta sia me la le Nya godo eye ɖe mese Nya si Mawu le gbɔgblɔm na Eƒe Ŋugbetɔ la baɖa mahã.

Nusi wògblɔna le nyaƒokawo dzi la nye Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi. Menye nusi megblɔ be ele gbɔgblɔm, alo nusi mexɔ se be ele gbɔgblɔm o, eye Mawu ƉEKA koe ate ŋu ana Ɖeɖefia vavãtɔ la wò.

Nɔvi. Joseph Branham .