26-0104 Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

Gbedasi: 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Tometsi Vudo Nola Lɔlɔ̃tɔwo,

Kristmas kple ƒe yeye ka gbegbee nye ema si míeɖu. Míexɔ Mawu ƒe nunana siwo Wòɖo ɖe Eƒe Ŋugbetɔ la eye míeklo nu le wo ŋu. Míaƒe nunana gbãtɔe nye Kristmas nunana gãtɔ kekeake si woxatsa kpɔ. Mawu Ŋutɔ tsɔ Eɖokui xatsa Eŋutɔ Ɖokui Ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me eye wòɖo agba ma ɖe xexeame. Enye Eƒe Nunana gã gbãtɔ be yeagbugbɔ ɖo Yeƒe Ŋugbetɔ te.

Emegbe Mawu dɔ agba gã bubu ɖe Eƒe Ŋugbetɔ. Elɔ̃ mí ale gbegbe be Wògava ɖe Eɖokui fia le ŋutilã me ake ale be Wòate ŋu aƒo nu na mí tso nuyi yiɖe to me. Edi be Ye Ŋutɔ kple Yeƒe Ŋugbetɔ yewoazu Ɖeka.

Ke azɔ, xɔ̃wo, migase nye gɔme baɖa o. Magblɔ esia kple bubu le nye dzi me dzro, esi menyae be Mavɔmavɔme si ava nɔ tsitre ɖe ʋɔnudrɔƒe gbeɖeka ye menye be: Ame akpe akpewo le woƒe nunanawo dam ƒu. Mikpɔea? Womate ŋu se egɔme o. Ke wokpɔa nu, hegblɔa be, “Oo, ame koe wònye.” Nyateƒe ye. Mawue lo Mose ye ɖe ga dukɔ la mahã? Mawu Wònye le Mose me. Mikpɔea? Wode ɣli bia gaɖela. Eye esime Mawu dɔ gaɖela ɖo ɖe wo la, wodaƒu ekpɔkpɔ, elabena amegbetɔ dzi wòto, evɔ menye amegbetɔ la ye o, Mawu le amegbetɔ la me ye.

Egbea, zi ɖeka ake la, ame akpe geɖe le woƒe nunana la dam ƒu eye wole gbɔgblɔm be, “Mehiã be miase nyaƒokawo o, amesiami na bubuwo li fifia,” nyateƒee, gake wodaƒu dzesidede be eya koe nye Gbe ƉEKA si dzi Mawu ɖo kpe, eye wòle gbɔgblɔm be Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi to ame ma dzi. Gbe ma nye Mawu ƒe Urim kple Thummim, Eƒe Tɔɖoƒe na egbea.

Ne míele Eƒe Gbe sem le nyaƒokawo dzi la, míele tsi nom vavã tso Mawu ƒe Tometsi vudo me, si mehiã be woagbɔ o, woahe o, woaɖo o, woakpa aƒu gbe o; Ðeko míele nya sia nya si wogblɔna dzi xɔm le sesem hele dzudzɔm ɖe dzi.

To Gbe ma sese le nyaƒokawo dzi, le Yesu Ŋutɔ ƒe nya nu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpeɖodzi vavãtɔ le mía si le míaƒe ŋkekea me.

Ekema, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzinu vavãtɔ li! Megblɔ nyaa ɖeke nam kpɔ haɖe si mele eteƒe o. Ebe, “Esiae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzinu, eyae nye amesi ate ŋu axɔ Nya la dzi ase.” Àte ŋu axɔ Esia.

Mawu na Tsidzɔƒe aɖe si me míate ŋu ano tso miniti ɖesiaɖe le ŋkeke ɖesiaɖe me la mí. Enɔa yeye ɣesiaɣi. Menye nane si ƒaƒã o, ke boŋ Eƒe Tsidzɔƒe si nu metsina o, si léa eɖokui ɖe te; Ðeko wòle be nàzi Play dzi.

Ne èle nu ƒom tso NUNANA aɖe si tso Mawu gbɔ ŋu la, ɖe nàte ŋu akpɔ alesi nunana sia LOLOE ŋutɔŋutɔ le susu mea? Ne èzi play dzi ko hele Eƒe Gbe sem le nyaƒokawo dzi la, eya koe nye… GBE ƉEKA kolia si le xexeame si mèhiã na asɔe, tsitsyɔnu, alo naneke o. Ðeko wòle be nàɖo to, axɔe ase, eye nàgblɔ amen na Nya ɖesiaɖe.

Mawu Ŋutɔ na mɔ sia, EƑE MƆ ƉEKA, be woaxɔ agbe mavɔ, eye ga wu gɔ̃ hã, BE WÒANYE YEƑE ŊUGBETƆ. Ðeko míate ŋu aziɔ ta ɖe Eƒe akɔnu eye míano míaƒe ŋusẽ wòado tso Eƒe Tsidzɔƒe, Eƒe Gbe, El Shaddai si le nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la sese me.

Ƒe sia nenye ƒe si mee Wòava na mí dzro, Eƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a. Míele ŋudzɔ hele lalam kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe. Gbesiagbe fifia la, míakpɔ amesiwo míedi vevie be míakpɔ la nadze. Míakpɔe adze sii, le aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe ɣeyiɣi me la, míado le afisia, esi wòayɔ mí yi míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuƒe la me.

Aƒetɔ, esi míele kplɔ̃ gã ma kpɔm wòkeke ɖe afima hena fiẽnuɖuɖu ma, si didi agbadroƒe akpe geɖe, míanɔ míanɔewo kpɔm le kplɔ̃a ƒe go kemɛ dzi, aʋawɔla veviedola siwo ŋu aʋawɔwɔ ƒe abi le, dzidzɔ ƒe aɖatsiwo anɔ sisim le míaƒe alɔgowo ŋu…Fia la ado le Eƒe nyakpɔnakpɔ, kɔkɔenyenye me, azɔ to kplɔ̃a ŋu eye wòatsɔ Eya Ŋutɔ ƒe asiwo eye wòatutu aɖatsiawo le míaƒe ŋkuwo dzi, agblɔ be, “Miga favi zɔ o, evɔ keŋ. Mige ɖe Aƒetɔ la ƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.” Ekema mɔdzifuwo magaɖi naneke o, Fofo, ne míeɖo mɔa ƒe nuwuwu.

Va eye nàno, agano, agano ake tso Mawu ƒe Tsidzɔƒe si wona egbea me kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12:00, Jeffersonville ƒe game. Enye teƒe ƉEKA kolia si nàte ŋu aɖe dzi ɖi keŋkeŋ ahagblɔ AMEN na Nya ɖesiaɖe si nàse. Enye Eƒe Tometsi Vudo si wona Eƒe Ŋugbetɔ be woano aha tso eme.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Psalmo 36:9
Yeremya 2:12-13
Yohanes Kɔkɔe 3:16
Nyaɖeɖefia 13 lia