Gbedasi: 64-0705 Aɖaŋudɔwɔwɔ
Mawu Ƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Agbe vavãtɔ siwo katã nɔ ati la, ahadza kple tsro la me la le ƒuƒom ɖe mía me azɔ, Mawu ƒe Fiaƒome Nuku, Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ, eye wole míadzram ɖo na tsitretsitsi, dzram ɖo na nuŋeŋe la. Alfa la zu Omega. Gbãtɔ la zu mlɔetɔ, eye mlɔetɔ la zu gbãtɔa fifia. Míeva to ɖoɖo aɖe me eye míezu Eƒe Aɖanudɔwɔwɔwo, si nye akpa aɖe si woƒo le Eŋu.
Ŋugbetɔ la kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la le Ɖeka!
Mawu ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe, Eƒe Aɖanudɔwɔwɔwo, ƒe ŋgɔdonukpɔkpɔ fia Eƒe nyagblɔɖila le ŋutega me. Esi wònɔ tsitre ɖe afima kple Aƒetɔ la nɔ Ŋugbetɔ si nɔ eƒe ŋkume tom va yina, kpɔm.
Ekpɔ mía dometɔ ɖesiaɖe. Mí KATÃ ƒe ŋku nɔ EYAMA DZI TUTUTU. Egblɔ be míenye ame siwo ƒe dzedzeme nyakpɔkpɔ wu siwo wòkpɔ kpɔ le eƒe agbe me. Nɔnɔme aɖe koe nɔ mía ŋu. Míedze tugbe nɛ ale gbegbe.
Miɖo ŋku edzi be Ŋugbetɔ la ƒe ŊUTEGA yenye esi; nusi wòaɖi, kple nusi tututu wɔm wònɔ la gbɔgblɔ na mí. Miɖoto nyuie.
Ado tso dukɔwo katã me, eyae awɔ Ŋugbetɔ la. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ɖa le legbe, kple nusisiɖemo aɖeke o, eye wonye nyɔnuvi dzetugbe ŋutɔŋutɔwo. Eye wonɔ ŋku lém ɖe ŋunye. Ema tsi tre ɖi na Ŋugbetɔ si do tso dukɔwo katã me. Mikpɔea? Eya, wo dometɔ ɖesiaɖe tsi tre ɖi na dukɔ aɖe, esime wonɔ azɔli zɔm le fli me le blibodede me kple Nya la.
Ŋugbetɔ la, mina magagblɔ ɛma ake, ŊUGBETƆ LA, tso dukɔ ɖesiaɖe me la, ƒe ŋkuwo nɔ woƒe pastɔ dzi, le amewo ƒe hatsotso aɖe dzi….AO, menye nusi wògblɔ yema o. Woƒe ŋku nɔ NYAGBLƆƉILA LA DZI, henɔ ekpɔm.
Zi geɖe alesi woƒe ŋku nɔ Nyagblɔɖila la dzi ko la, wonɔ azɔli dzi le blibodede me. Gake emegbe exlɔ̃ nu mí, nane dzɔ. Ame aɖewo ɖe ŋku le edzi eye wodze nu bubu aɖe si do go va ge ɖe gbegblẽ me ko la kpɔkpɔ gɔme.
Eye, emegbe la, ele nam be malé ŋku ɖe Eŋu. Ado go le fli me kple Nya ma ne nyemelé ŋku ɖe eŋu, ne Wòva le yiyim, ne Wòto eme vayina o. Ðewohĩ anye nye ɣeyiɣi, ne mewu enu, mikpɔea, ne mekpa, alo nukake wòɖanye.
Ele nɛ be wòanɔ ŋku lém ɖe Eŋu, ne menye nenem o la, Ado le fli me ne Wòva le eŋu tom. Gake emegbe la egblɔ be ɖewohĩ anye nye ɣeyiɣi, ne mekpa, ne nyemele afisia o, Woate ŋu ado le fli me to woƒe ŋkuwo ɖeɖe ɖa le edzi me.
Enɔ nu xlɔ̃m ŊUGBETƆ la kɔte, be ele be WÒ ŋkuwo nanɔ Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Emae nye Mawu ƒe mɔ si wona na egbea. Emae nye Gbe si awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka ahawɔ wòade blibo. Ne Èɖe Wò ŋkuwo kple towo ɖa le Gbea ŋu la, Àdo le fli me eye nàgeɖe gbegblẽ me.
Gbedeasi ɖesiaɖe me le kɔkɔm ɖe edzi wu. Enye Mawu ŋusẽtɔ si dzi wole nuklom le le mía ŋkume, eye wòtsɔ Mana ɣaɣla si ko míate ŋu aɖu la le Eƒe Ŋugbetɔ la nyim. Ɖeko wòdami na wo akpa na bubuawo katã, gake enye Nuɖuɖu Ɣaɣla na Ŋugbetɔ la.
Akpedada kae nye si me tom Ŋugbetɔ la le, le azã ɖum kple Nya la, le Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ Ŋugbetɔ Nya deblibo la zum.
Eɖeka tsitre ɖi, abe Ŋugbetɔsrɔ̃ ene, “amesi gbɔ amewo katã gbe nu le, hamewo do vloe eye wogbe nu le egbɔ.” Ŋugbetɔ la le tsitre nenema ke. Nukae wònye? Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ ye, mikpɔea, enye Nya si me Wòate ŋu awɔ dɔ to, aɖe ɖe go. Nugbegbe!
Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esi Mawu le nu ƒo ge to Eƒe dɔla ŋusẽtɔ dzi, eye wòalã mí atutu mía ŋu be míazu Aɖaŋudɔwɔwɔ na Mawu.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 64-0705 Aɖaŋudɔwɔwɔ La
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:
Yesaya 53:1-12 .
Maleaxi 3:6.
Mateo Kɔkɔe 24:24.
Marko Kɔkɔe 9:7.
Yohanes Kɔkɔe 12:24 / 14:19