Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi
- 25-1012 Dzodzodzoetsitsi
- 23-1231 Dzodzodzoetsitsi
- 22-0612 Dzodzodzoetsitsi
- 19-0901 Dzodzodzoetsitsi
- 17-0903 Dzodzodzoetsitsi
Nyaƒoka Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Azɔ mi amewo le nyaƒokawo dzi.
Aƒetɔ, aleke míawɔ adze nusi nya sue ade siawo nye na mí, Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la gbɔgblɔ gɔmee? Enye gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi ƒe Ɖeɖefia na mí. Mawu wònye le nuƒom to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi be yeagblɔ na Yeƒe Ŋugbetɔ be, “Menya be ànɔ anyi kple Nye Gbe. Menyae be Ɖeɖefia asu asiwò be Gbedeasi siawo siwo meɖe gbeƒã ɖe nyaƒokawo dzi Nye Dzesi na egbea.
“Mede Nye Gbe Nyaƒoka siawo dzi; elabena ele be Gbedeasi siawo naƒoƒu Nya blibo la. Ame akpewo ɖe akpewo teƒe woase Nye Gbe le nyaƒokawo dzi eye Ɖeɖefia asu wosi be Nye subɔsubɔdɔ yenye esia. Enye egbea ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Enye Nye Dzesi Gbedeasi”
“Medɔ mawunyagblɔla wɔnuteƒe geɖewo ɖe xexeame katã be woaɖe gbeƒã Nye subɔsubɔdɔ la. Esi wotrɔ gbɔ la, wogblɔ Nam be, ‘Míewɔ ɖe Wò sededewo dzi to Wò nyaƒokawo ƒoƒo me. Míekpɔ ame siwo xɔ nya ɖesiaɖe dzi se. Wowɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe hame be woaxɔ Wò Gbedeasi. Míegblɔ na wo be, nusiwo katã ava le Wò Dzesi, gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi te la, akpɔ ɖeɖe.
Ɣeyiɣia de afisi wòle be ame sia ame nalé ŋku ɖe eɖokui ŋu ahabia eɖokui be, nukae nye Mawu ƒe mɔ deblibo la na egbea? Nyagblɔɖila ƒe nya la meda ƒu zi ɖeka kpɔ o. Woɖo kpe edzi be eya koe nye nyateƒe ƉEKA, nu ƉEKA si awɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖekae.
Nusianu si wògblɔ la dzɔ abe alesi tututu wògblɔe ene. Dzo Sɔti la gakpɔtɔ le afisia kpli mí. Mawu ƒe Gbe gakpɔtɔ le nu ƒom na mí le nyaƒokawo dzi. Nyagblɔɖila la gblɔ na mí koe ma be Mawu ato mía ŋu ayi ne Wòkpɔ Dzesi la ko. Enye Dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣi na amesiame be woage ɖe Dzesi Gbedeasi ma te.
Míekpɔ Mawu ƒe Asi gã la le nuwuɣi sia me. Ena Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ mí eye eva le Dzesi la ƒe dzesidede te. Azɔ, esi míele Dzesi la ƒe dzesidede te la, mina míava ƒo ƒu axɔ Kɔmuniɔ la le Dzodzodzoetsitsi me; Elabena míenya be Mawu le ɖoɖo wɔm be yeawɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋudɔ.
Medi be makpe mia dometɔ ɖesiaɖe be miase eye be miawɔ Kɔmuniɔ kple afɔkɔklɔ ƒe takpekpe le Kwasiɖagbe sia, esi míase Gbedeasi: Dzodzodzoetsitsi 63-0901E.
Gbedeasi la kple Kɔmuniɔ ƒe Takpekpe la anɔ Voice Radio dzi tso ɣetrɔ ga 5 me le Jeffersonville ƒe game dzi. Taflatse mivo faa be miawɔ takpekpea le miaƒe nutome game dzi le ɣetrɔ ga 5 me, ne miedi, le esi menyae be asesẽ na míaƒe xɔsetɔ geɖewo siwo le ƒugodo be miadze miaƒe takpekpe la gɔme le game ma dzi. Takpekpe ƒe faɛl si woate ŋu axɔ ɖe mɔ̃ dzi la ƒe linka anɔ anyi.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:
Mose II, 12:11
Yeremya 29:10-14
Luka Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:23
Galatiatɔwo 5:6
Yakobo Kɔkɔe 5:16