25-0928 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

Gbedasi: 63-0818 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Wɔ Ɖeka,

Dzi le dzɔyem ale gbegbe, eye mele mɔkpɔkpɔ gã sia te, be manye nusiwo katã Mawu le wɔwɔm le míaƒe ŋkekea me ƒe akpa aɖe. Mawu ƒe susuwo le gɔmedzedzea me la le emevam le míaƒe ŋkume fifia, eye míenye eƒe akpa aɖe.

Le Biblia katã me la, nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi hegblɔ nusi ava dzɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nyagblɔɖi mawo meva eme o ƒe alafa geɖe megbe, gake esi ɣeyiɣi ƒe blibonyenye va la, eva me; elabena elebe Mawu ƒe susu si wogblɔ to Eƒe Nyagblɔɖila dzi la NAVA eme.

Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Ðetugbi Leaƒe aɖe afɔ fu”. Hebritɔwo ƒe ƒome ɖesiaɖe na wo vinyɔnuvi sue nɔ klalo be wòadzi vi sia. Woƒle afɔkpawo kple afɔwuiviwo, kple avɔvuwo, eye wodzra ɖo be vidzĩa nava. Dzidzimewo va yi, gake mlɔeba la, Mawu ƒe Nya la va eme.

Abe ŋutsuvi sue ene esi metsi gbɔna la, mebiaa ɖokuinye kokoko be, Aƒetɔ, mekpɔe le Wò Nya me be Ewɔa Wò dukɔ ɖeka kokoko be Nàwɔ Wò Nya nava eme. Èwɔ Wò Hebriviwo ɖekae to ame ɖeka, Mose, si kplɔ wo kple Dzosɔti la yi Ŋugbedodo Nyigba la dzi.

Esi Nèzu ŋutilã henɔ anyigba dzi afisia la, Èwɔ Wò nusrɔ̃lawo ɖekae. Èmawo ɖa tso nusianu kple amesiame gbɔ heɖe Wò Nya la fia wo. Le Pentekoste ŋkekea dzi la, Ègaƒo Wò Hame la nu ƒu ɖe teƒe ɖeka ake, le susu ɖeka me kple dzi ɖeka me hafi Nète ŋu va tsɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na wo.

Mebu be, aleke ema ate ŋu adzɔ egbe Aƒetɔ? Wò Ŋugbetɔ la kaka ɖe xexeame godoo. Ðe Ŋugbetɔ la katã ava Jeffersonville a? Nyemekpɔ be ema ate ŋu ava me o Aƒetɔ. Gake Aƒetɔ, Mètrɔa Wò ɖoɖo gbeɖe o. Wò se wònye, mɔ aɖeke meli si dzi woato atɔe te o. Aleke Nàwɔe?

ŊUTIKƆKƆE…EGBEA, míate ŋu akpɔ kple mía ŋutɔ ƒe ŋkuwo, eye vevietɔ wu la, MÍENYE EƑE AKPA AƉE: Mawu ƒe Nya mavɔ la le eme vam. Míele ŊUTILÃ me le teƒe ɖeka o, míekaka ɖe xexeame godoo, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la WƆ EƑE ŊUGBETƆ LA ƉEKAE AZƆ TO MAWU ƑE GBE DZI. EƑE NYA SI WOGBLƆ EYE WOLÉ ƉE NYAƑOKAWO DZI, si nye Mawu ƒe Tɔɖoƒe na egbea, le EƑE ŊUGBETƆ LA WƆM ƉEKAE… EYE NANEKE MELI SI ATE ŊU ATƆE TE O.

Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae. Ele ƒu ƒom ɖekae, tso Ɣedzeƒe va Ɣetoɖoƒe, kple Anyiehe yi Dziehe. Ɖekawɔwɔ ƒe ɣeyiɣia ɖe li, eye eyae le dzi yim fifi laa. Nukae Wòle ɖeka wɔm na? Kɔkɔdzoe. Amen!

Ɖekawɔwɔ ƒe ɣeyiɣi la le edzi yim FIFI LAA!!! Nukae le mía wɔm ɖekae? Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Eƒe Nya, Eƒe Gbe dzi. Nuka ta míele ɖeka wɔm? KƆKƆDZOE LA!!! Eye míakatã míele yiyim eye míele amea ƉEKE gblẽm ɖi o.

Mawu le Edzram ɖo. Ẽ amegã, ɖekawɔwɔ! Nukae Wòle ɖeka wɔm kple? Kple Nya la!

Nukae nye Nya na míaƒe ŋkeke la? GBEDEASI SIA, EƑE GBE, Mawu ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ. Menye ame o. Menye amewo o. Menye hatsotso o. Mawu ƒe GBE, si dzi woɖo kpe, kple Dzosɔti, le nyaƒokawo dzi.

“Elabena dziƒowo kple anyigba nu ava yi, gake Nye Nya ya nu mayi akpɔ o.” Ele Eɖokui wɔm ɖekae kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI meka nya si kɔmahatsɔŋkɔ aɖe alo ame bubu aɖe gblɔ o.

Meka nusi AMEAƉE gblɔ o la, míele ɖekawɔm kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ƒe Gbe si dzi woɖo kpe, si woɖe fia na míaƒe ŋkeke la. Menye ame aɖe ƒe gɔmeɖeɖe o; Nukata míawɔ ema? Ema trɔna kple ame ɖesiaɖe, gake Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi METRƆNA GBEƉE O eye Dzosɔti la Ŋutɔ ye ɖegbeƒãe be Enye Mawu ƒe Nya kple Mawu ƒe Gbe.

Kuxi si le eŋu, na ame, nye be menya eƒe kplɔla o. Ẽ, amegã. Woaƒo ƒu ɖe kɔmahatsɔŋkɔa ɖe ŋu, woaƒo ƒu ɖe bishɔf aɖe alo amea ɖe ŋu, gake womaƒo ƒu ɖe Kplɔla la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le Nya la me ŋu o. Mikpɔea? Wogblɔna be, “Oo, enyo, mele vɔvɔ̃m be mava zu wɔtsomewɔla; mele vɔvɔ̃m be mava to afɔ gbegblẽ.” Ooooo, yee nye ma!

Afisiae ɖeklemiɖelawo fia asi woƒe hamewo le hegblɔa be, “Kpɔ ɖa, wole amegbetɔ dom ɖe dzi, Nɔviŋutsu Branham.Wonye mawunyenye dzi xɔsetɔwo eye wole ƒu ƒom ɖe eŋu, amegbetɔ la, ke menye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o.”

Abunɛnya, míele ƉEKA WƆM le MAWU ƑE GBE SI DZI WOƉO KPE SI WOGBLƆ TO AME ma dzi ŋu. Miɖo ŋku edzi be, ame mae Mawu tia be wòanye Yeƒe Gbe si ayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ do goe ahakplɔe le ŋkeke sia me. Ema koe nye Gbe ƉEKA si dzi Mawu Ŋutɔ ɖo kpe.
Gake akpasagatɔe la, WOLE ɖeka wɔm le amegbetɔwo ŋu. Womaƒo Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi le woƒe hameawo me O. Ɖee miate ŋu abu ema ŋua??? Osɔfo aɖe si gblɔ be yexɔ Gbedeasi sia dzi se be enye gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi, Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi, gake ekpɔ taflatsedodo ƒomevi aɖe be yemaƒo Gbe ma le yewoƒe hamewo me O, ke boŋ yewoagblɔ mawunya na ame siwo WÒLE be woaɖo to wo kple osɔfo bubuwo woaɖe gbeƒã Nya la…emegbea wobe míele ame ɖo kplɔm!!!

Nusi Mawu wɔ na amemawo ko míese Kwasiɖagbe si va yi !!

Míele dzadzram na srɔ̃ɖeɖe la. Míele Ɖeka zum kple Eyama. Nya la zua mi, eye miezua Nya la. Yesu gblɔ be, “Le gbe ma gbe la, mianyae. Nusiwo katã Fofo la nye la, Menye, eye nusiwo katã Menye la, mienye; eye nu siwo katã mienye la, Menye. Gbemagbe mianyae be Mele Fofo la me, Fofo la le Menye, Mele miame, eye miele Menye.

Akpe na Wò Aƒetɔ ɖe Ɖeɖefia kuɖe Ɖokuiwò ŋu, kple mía ɖokuiwo ŋu, le míaƒe ŋkekea me ta. Wò Ŋugbetɔ le Eɖokui dzram ɖo to Wò Nya si Nègblɔ la dzi. Míenyae be míele Wò Lɔlɔ̃nu Deblibo la me to Wò Nya si wolé ɖe mɔ̃ dzi la gbɔ nɔnɔ me.

Mele xexeame kpem be wòaɖo to Mawu ƒe Gbe ɖeka kolia si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkekea le Kwasiɖagbe sia. Mɔɖeɖe li be miawɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esi míase: 63-0818, Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi. Ne miate ŋu anɔ kaŋu ahaɖo to kpli mí o la, mitia nyaƒoka aɖe, NYAƑOKA ƉESIAƉE; Wo katã wonye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, eye miaɖo to Mawu ƒe Nya la wòana miade blibo eye wòana miadzra ɖo ɖe Eƒe vava kpuie la ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham

Psalmo 86:1-11 .
Mateo Kɔkɔe 16:1-3.

Ele Eɖokui wɔm ɖekae. Ele dzadzram ɖo. Nukaŋutie? Eyae nye Ŋugbetɔ la. Ele teƒe. Eye Wòle Eɖokui wɔm ɖekae kple Eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ la, mikpɔea, eye Ŋugbetɔsrɔ̃ lae nye Nya la. “Le gɔmedzedzea me la Nya la li, Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu. Eye Nya la va zu ŋutilã eye wònɔ mía dome.”