Gbedasi: 65-1204 Kɔkɔdzoe La
Ŋugbetɔ Semanɔŋutɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Aƒetɔ la na ɣeyiɣi wɔnuku tɔgbe aɖe mí le kamp le kwasiɖa si va yi me esi Wòɖe Eƒe Nya la fia mí. Eɖo kpe edzi, to Eƒe Nya me, be míaƒe Tɔɖoƒe lae nye: Eƒe Nya, Gbedeasi Sia, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi; wo katã wole ɖeka, Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.
Míese alesi abosam dzea agbagba be yeama Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dome, gake woakafu Aƒetɔ Yesu, Mawu Ŋutɔ ƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ la dzi hegblɔ na mí be:
Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka. Elabena wodɔe ɖa be wòaxɔ ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la teƒe, Nya ƒu Nya dzi, eyata eya kple gbedeasi la wozu nu ɖeka.
Miate ŋu ama Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dome o, wole ɖeka, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Meka nusi alakpa amesiamina ɖesiaɖe gblɔ o, Mawu gblɔ be wole ɖeka eye womate ŋu ama wo dome o.
Emegbe Egblɔ na mí be míehiã na ɖo vuvu be míalé nudzodzoevi aɖeke ne míele to ɖom nyaƒokawo o, elabena nudzodzoevi aɖeke alo nudzodzoevi ƒe tsi aɖeke mele Gbedeasi Sia me o. Enye Eƒe Tometsi vudo si le sisim ɣesiaɣi dzadzɛ kple kɔkɔe. Le fiefiem ɣesiaɣi, meƒuna gbeɖe o, ɖeko wòyia edzi nɔa tutum henɔa tutum, si naa Eƒe Nya la ƒe Ɖeɖefia geɖe geɖe wu mí.
Eɖo ŋku edzi na mí be MIGAŊLƆ BE GBEÐE be Yeƒe nubabla kpli mí la nye esi ŋu womate ŋu agbe ŋu le o, womate ŋu aƒo asi le eŋu o, gake vevietɔ wu la, Se mele eŋu o.
Eɖanye lɔlɔ̃, kpekpeɖeŋunana, alo ɖokuitsɔtsɔna o, ne nane nye nusi ŋu se aɖeke mele o la, enye TƆƉOƑE eye mele nyagbɔgblɔ alo nɔnɔme tɔxɛ aɖeke te o: ava eme meka nububu si dzɔ o.
Emegbe la Edi be yeaƒo gatagbadzɛ la dzi sesĩe, alea Wògblɔ na mí be egbe sia la, wole Yeƒe Ŋɔŋlɔawo ŋu wum le míaƒe ŋkume.
Ɖeka ma ke si nye ɣ-e dzena le ɣedzeƒe la eya ke koe nye ɣ-e si ɖoa to le ɣetoɖoƒe. Eye Mawu ƒe V-i ɖeka si va le ɣedzeƒe la heɖo kpe Eɖokui dzi abe Mawu si ɖe ɖe go le ŋutilã me la, enye Mawu ƒe V-i ɖeka le anyigba ƒe ɣetoɖoƒe gome afii, esi le dzesi dem Eɖokui le hamea me fiẽ sia, be eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Vi la ƒe fiẽ Kekeli do. Egbe sia wowu Ŋlɔŋlɔ sia nu le míaƒe ŋkume.
Amegbetɔvi la gava le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le míaƒe ŋkekea me, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔ ene, ayɔ Ŋugbetɔ aɖe do. Yesu Kristo ye le nu ƒom na mí tẽ, eye Mehiã ame aɖeke ƒe gɔmeɖeɖe o. Nu ɖe sia ɖe si míehiã, nu ɖe sia ɖe si míedi koe nye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom le nyaƒoka dzi tso Mawu Ŋutɔ gbɔ.
Enye ɖeɖefia na Nya si wowɔ nyateƒee la ƒe ɖeɖeɖego. Eye míele agbe le ŋkeke ma me; woakafu Mawu; Eɖokui nyaɣaɣla la ƒe ɖeɖefia.
Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ka gbegbee nye si me tom Ŋugbetɔ la le, le Vi la ŋkume, le tsitsim. Lu la gatrɔ va lu la gbɔ ake, eye amɔwɔʋãʋã aɖeke mele mía dome o. Mawu ƒe Gbe dzadzɛ ko le nu ƒom na mí, le míamem hele míawɔm ɖe Kristo, Nya la ƒe nɔnɔme ŋu.
Míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, Eƒe nyenye si Wòɖo ɖi be wòava le agbenɔɣi sia me, si nye agbenɔɣi gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Enya be míadaƒu o, míawɔ kpɔmewɔe o, gake míanye Eƒe Nya Ŋugbetɔ nyateƒetɔ kple wɔnuteƒe, Eƒe Abraham ƒe Fiaƒome Nuku gãtɔ si ŋugbe wodo be egbɔna.
Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Ɣeyiɣi la va ɖo nuwuwu. Egbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ si dzra Eɖokui ɖo gake wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Vi la ŋkume, hele Eƒe Gbe sem le awu dom na Eƒe Ŋugbetɔ la. Le madidi me o la míadze míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo yi ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo, siwo le lalam hele didim vevie be yewoanɔ anyi kpli mí la kpɔkpɔ.
Nyaƒokawo nye mɔ si Mawu na be wòana Eƒe Ŋugbetɔ nade blibo. Nyaƒokasia wo koe nye nu ɖeka si awɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖeka. Nyaƒoka sia woenye Mawu ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ.
Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí, Eƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe, Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase nusianu tso nusi le dzadzram ɖo be yeadzɔ kpuie ŋutɔ ŋu: Kɔkɔdzoe La 65-1204.
Nɔvi. Joseph Branham