24-1027 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1206 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Gbɔgbɔ La Yɔ fũu,

Amewo ƒe hatsotso ɖeka koe li; amewo ƒe hatsotso tɔxɛ aɖe ŋutɔ, siwo te ŋu sea nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm le agbenɔɣi mamlɛ sia me. Enye hatsotso tɔxɛ aɖe si xɔ Nyaɖeɖefia na agbenɔɣi sia. Hatsotso ma nye Mawu tɔ. Hatsotso si mate ŋu ase nu o la, menye Mawu tɔ o.

Hatsotso si ate ŋu, eye wòle nusi si Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm sem la, xɔa Nyaɖeɖefia Vavã la. Míawoe nye amesiwo si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le. Míawoe nye amesiwo Mawu dzi eye wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nyrɔ̃ mí. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ si Gbɔgbɔ yɔ fũu si xɔ Nyaɖeɖefia na míaƒe agbenɔɣi.

Gɔmesese kae le Play Zizi si na mí? NYAƉEƉEFIA! Enye nusese, nuxɔxɔ kple anyinɔnɔ kple Mɔ si Mawu ta egbea la dzi. Mawu ƒe Gbe Ŋutɔ si le nu ƒom ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ. Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nu ƒom na míaƒe dziwo kple luʋɔwo.

Míenya be Mawu zãa ame siwo wotsɔ Eƒe Gbɔgbɔ si ami na tsɔ ƒoa nu, gake teƒe bubu aɖeke megali woase Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi le o negbe to Play Zizi kple Eƒe dɔla adrelia, William Marrion Branham, ƒe GBE sese me ko. Enye Gbe ɖeka kolia si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi. Eyae nye Mawu ƒe Gbe, Mawu ƒe nyagblɔɖila, Mawu ƒe pastɔ, na mí, kple xexeame.

Ne ele nu ƒom la, míegblɔna be AMEN na Nya ɖesiaɖe; elabena Mawu Ŋutɔe le nu ƒom na mí. Eƒe Nya la yenye Nya ɖeka si mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Mawu wònye le eƒe gbe zãm tsɔ le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ.

Mawu Ŋutɔe le gbɔgblɔm na mí be, “Vinye suewo, menye miawoe Tiam o, ke boŋ Nyee tia mi. Hafi ɣletivimeʋuʋudedi ƒe vi sue aɖe ko nanɔ anyi la; hafi miava Nyam abe mia Mawu gɔ̃ hã la, Menya mi. Mienɔ Nye Susu me, nɔ anyi le Nye Tamesusu mavɔwo me. Mienye Nye Nya Nuku Ŋugbetɔ woɖe gblɔ ŋutɔŋutɔ.

Togbɔ be mienɔ Nye Tamesusu mavɔwo me hã la, Nyemeɖe mi gblɔ o vaseɖe Nye ɣeyiɣi kple azãgbe si Meɖo ɖi la dzi. Elabena Menya be MIAnye Nye hatsotso tɔxɛ si anɔ Nye Nya la gbɔ. Mamleawo katã da ƒu, gake Menya be miada ƒu o.

Menya be woti miayome eye woɖu fewu le mia ŋu elabena mietsi Nye nyagblɔɖila gbɔ, gake mienye Nye Weinti Vavã si metra ɖa tso Nye Nya la gbɔ o, ke boŋ mienye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla na Nye nyagblɔɖila si gblɔa Nye Nyawo.

Bubu geɖewo hã li siwo wofianu nuteƒewɔwɔtɔe, gake womesrɔ̃a alesi wòle vevie be woagblɔ nya si Megblɔ to Nye dɔla dzi ko la ɣesiaɣi o.”

Aleke gbegbe wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe nye si be míase gbe ÐEKA, elabena gbe ɖeka koe le Gbɔgbɔ la si si nye Mawu ƒe gbe.

Oo, aleke gbegbe wòle vevie enye si be woase Mawu ƒe gbe to Eƒe gbedeasitsɔlawo dzi, eye emegbe woagblɔ nusi wona wo be woagblɔ na hameawo.

“Nye Nya la va Nye nyagblɔɖila gbɔ ɣesiaɣi, gake le ŋkeke sia me la, Mena wolé Nye Gbe ɖe mɔ̃ dzi ale be VODADA aɖeke naganɔ nusi Megblɔ na Ŋugbetɔ la ŋu o. Dzidzeka ɖeka koe li, atikplɔ ɖeka koe li, eye eyae nye NYA si megblɔ to Nye dɔla dzi. Abe alesi wònɔna le agbenɔɣi ɖesiaɖe me ene la, Nye nyagblɔɖilae nye Nya na ŋkekea.”

Nyaƒokawo, Eƒe Gbe, nye lɔlɔ̃gbalẽ na mí. Togbɔ be futɔ la le míatem ɖe anyi ɣesiaɣi to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me hã la, Edɔ Eƒe dɔla sesẽ la be wòagblɔ na mí be menye naneke wu Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòtsɔ tia mí o, si le kpeɖom edzi na mí be Etia mí be míaʋa o.

Eƒe tameɖoɖo gã lae nye be ne míekpe fu hena ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, Ana míade blibo, aɖo mí anyi ahado ŋusẽ mí. Egblɔ na mí be míaƒe Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã de blibo to Eƒe fukpekpe me. Yayra ka gbegbee nye si Wògblẽ ɖi na mí. Elabena to míaƒe fukpekpe me la, Akplɔ mí ayi blibodede hã me.

Ele míaƒe de tum ɖo to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo me. Elabena womewɔ míaƒe de fukpekpe manɔmee o. Eyata míaƒe fukpekpe nye DZIƉUƉU na mí, ke menye nunana o.

Aleke míate ŋu aɖo kpe míaƒe lɔlɔ̃ dzi na Eyama?

  • To nusi Wògblɔ dzi xɔxɔ se me.
  • Eƒe Nya la gbɔ nɔnɔ.
  • Míaɖokui kpɔkplɔ kple dzidzɔ to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo me, be Eya, le Eƒe nunya gã la me, ɖe mɔ be wòava eme.

Alesi Wòdoa míaƒe gbɔgbɔ ɖe dzi to Eƒe Nya sese me. Eƒe Gbe fa akɔ na míaƒe luʋɔ. Ne míezi Play dzi eye míese Eƒe nuƒoƒo la, míaƒe agbawo katã ɖiɖina. Míate ŋu adze kesinɔnu siwo wodzra ɖo ɖi na mí le míaƒe xaxa katã me la ŋububu me gɔ̃ hã gɔme o.

Oo, Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ, aleke gbegbe dzi dzɔm enye si be menye Wo Dometɔ Ðeka kple mia dometɔ ɖesiaɖe. Dzidzɔ kae yɔa nye dzi me fũu be manya be Ena Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia mí. Esi Wògblɔ na mí be woaɖi wonɔewo ale gbegbe be aflu ame tiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe ɖe la, Ena ƉEƉEƉIA VAVÃTƆ la mí.

Va, ge ɖe Gbɔgbɔ la me kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele Nya deblibo la se ge: 60-1206 — Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Nɔvi. Joseph Branham