24-0901 Eye Mènyae O

Gbedasi: 65-0815 Eye Mènyae O


BranhamTabernacle.org

Nɔviŋutsu & Nɔvinyɔnu Lɔlɔ‌tɔwo,

Minɔ Kristo gbɔ kplikplikpli. Mina maxlɔ‌ nu mi azɔ, abe Nyanyui la ƒe subɔla ene, tso esia ŋu. Migatsɔ bometsitsi aɖeke o. Migasusu naneke le susu me o. Minɔ afima tututu vaseɖe esime ememe sia naku seke ɖe Nya la ŋu, be miele Kristo me tututu, elabena ema koe nye nusi ava…Elabena, míele agbenɔɣi si me amebleble le wu ɖesiaɖe si me míenɔ kpɔ la. “Able Ametiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe” esi amisisi le wo si ta la, woate ŋu awɔ nusianu abe wo dometɔ mamlɛawo ene.

Fofo, Èxlɔ‌ nu mí be míele agbenɔɣi si me beble le wu le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Gbɔgbɔ eve siwo le xexeame la woaɖi wonɔewo ale gbegbe be, aflu ame tiatiawo gɔ hã, ɖe wòle bɔbɔe. Gake kafukafu na Aƒetɔ la, manya wɔ be woaflu mí, Wò Ŋugbetɔ o; míanɔ Wò Nya la gbɔ.

Míenye Wò Nuwɔwɔ Yeye, eye womate ŋu aflu mí o. Míanɔ Wò Gbe gbɔ. Míade dzesi eye míalé ɖe Nya ɖesiaɖe ŋu, meka nusi ame aɖe agblɔ o. Mɔ bubu aɖeke meli o negbe Wò Mɔ si nèta la ko; Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi nyaƒokawo dzi.

Esi Wò nyagblɔɖila nɔ anyigba dzi afisia la, enya alesi gbegbe wòle vevie na Ŋugbetɔ la be wòase Nya ɖesiaɖe si wogblɔ, eyata ewɔ Wò Ŋugbetɔ la ɖekae to telefon dzi katsatsa me. Eƒo mí nu ƒu ƒo xlã Wò Nya Si Wogblɔ ƒe Gbe si dzi woɖo kpe la.

Enya be amisisi aɖeke meli si lolo wu Wò Gbe o.

Le egodo le telefon sia ƒe yaʋalawo dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã la nayi ɖe ƒuƒoƒe ɖesiaɖe me dzro. Neva eme be Kekeli Kɔkɔe ma ke si kpɔm míele le hamea me le afisia tututu la, Nedze ɖe ame ɖesiaɖe dzi,

Nusianu si Wò Ŋugbetɔ hiã na Wò Vava la, Wò dɔlae gblɔe, dzrae ɖo eye wòɖee fia Wò Ŋugbetɔ; emae nye Wò Nya. Ègblɔ na mí be ne nya aɖe le mía si la, míayi ɖe nyaƒokawo gbɔ. Ègblɔ na mí be William Marrion Branham ye nye Wò Gbe na mí. Aleke nyabiase aɖe ate ŋu anɔ Wò Ŋugbetɔ ƒe susu me be aleke gbegbe wòle vevie be woaɖo Wò Gbe abe Gbe vevitɔ kekeake si Wòate ŋu ase? Ɖeke meli, na Wò Ŋugbetɔ o Aƒetɔ.

Wò nyagblɔɖila gblɔ drɔ‌e aɖe na mí afisi wògblɔ le be, “Magato mɔ sia dzi zi ɖeka ake.” Míenya nusi gɔme wònye o, gake Aƒetɔ vavã la, Wò Gbe gale yaʋala sia ƒe mɔa dzi tom zi ɖeka ake egbea, le nu ƒom, eye wòle Wò Ŋugbetɔ yɔm tso xexea katã me.

Míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí, Branham ƒe Agbadɔ la, Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Mawu ƒe Gbe le yaʋalawo dzi wòatsɔ Gbedasi: 65-0815 – “Eye Menyae O” vɛ na mí

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Nyaɖeɖefia 3:14-19
Kolosetɔwo 1:9-20