24-0519 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4

Gbedasi: 64-0830E Biabiawo kple Ŋuđođowo #4

PDF


BranhamTabernacle.org

Nyaƒoka Ƒome Lɔlɔ̃tɔ,

Miawo yɔm mele be, nye ƒome, kple ƒome si le egodo xexeame afisi míe…afisi míaƒe nyaƒokawo yina.

Míawoe nye ema, nyagblɔɖila ƒe Nyaƒoka Ƒome; eƒe vi siwo kaxlẽ ɖe xexea katã me, amesiwo wòdzi na Kristo. Amesiwo Fofo la na Eŋutɔ ƒe Ɖeɖefia le ŋkeke mamlɛ siawo me.

Medi be maƒo wo katã nu ƒu ŋkeke siawo dometɔ ɖeka, mikpɔea, nedze Fofo la ŋu, ke ale mía—míakpɔ Aƒe aɖe afisi mele be míaganɔ tsaglãla tsam le azɔ o.

MEDI BE MAƑO WO KATÃ NU ƑU. Ele mevam fifi laa. Gbedeasi sia, Eƒe Nya, Nyaƒoka siawo le ema wɔm pɛpɛpɛ: le Ŋugbetɔ la nuƒu ƒom ɖe du, le míawɔm ɖekae abe NU ƉEKA ene tso xexea katã me. Naneke meli o negbe Eƒe Gbe; Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi, si ate ŋu ƒo Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu.

Ke wò la, ne èxɔ Gbɔgbɔ la, esia enye dzesi nyuitɔwo dometɔ ɖeka si menya: nàlɔ̃ Kristo ale gbegbe eye nàxɔ Nya ɖesiaɖe si Wògblɔ la dzi se be enye Nyateƒe. Mikpɔea? Emae nye kpeɖodzinu la be èxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Eye dzidzɔ ayɔ wò agbe fũ, eye—eye oo míatɔwo, nusianu ato vovo (mikpɔea?) le nusi wònye tsã la gbɔ. Emae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe.

Míaƒe dziwo, susuwo kple luʋɔwo yɔ fũ kple dzidzɔ, lɔlɔ̃ kple Ɖeɖefia, bebli hafi míele míaɖokuiwo lém. Gbedeasi ɖe sia ɖe si sem míele la hea Ɖeɖefia geɖe wu vana. Míekpɔ amesi míenye kple nusi wɔm míele be míanɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me. Naneke meli si ate ŋu te mí ɖa le nusi Mawu de míaƒe dziwo me gbɔ o. Play Zizi nye Mawu ƒe Mɔ si wota ɖi na egbea. Nu ŋuti bubukpɔ aɖeke meli o, mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe biabia aɖeke meli o be, “Ɖee nusi mese fifia ko la nye Nya vavã la?” “Ɖee mehĩa be madzroe kpɔ kple Nya la?”

Menye míawo o. Nusi sem míele le nyaƒokawo dzi NYE NYA LA. Nya Ma si sem míele le nyaƒokawo dzi la nye NYA ƉEKA si dzi Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ŋutɔ, Dzo Lilikpo la ɖo kpe, be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi na Ŋugbetɔ la.

Ne ame aɖe le gbɔgblɔm na mí be, “Nu geɖewo li ŋutɔ si wogblɔ le nyaƒokawo dzi si nye Nɔviŋutsu Branham koe nɔ nuƒom, menye Nya si wosi ami na ye o. Ema ya amegbetɔ ko wònye.Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ mí yi nusi nye Nya kple nusi nye Nɔviŋutsu Branham ƒe nuƒoƒo ɖeɖeko gbɔ.”

Menye na míawo ya o. Ɖeko míexɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ na mí dzi se be míega ŋlɔ be gbeɖe o.

Medi be migaŋlɔ Nya ma be kpɔ gbeɖe o. Nusi Mose gblɔ la, Mawu de bubu eŋu, elabena Mawu ƒe Nya nɔ Mose me.

Míele nusi nyagblɔɖila gblɔ ŋlɔ ge be akpɔ gbeɖe o, eye Míexɔe se; elabena woŋlɔe kple gakpo nuŋlɔti ɖe míaƒe dziwo dzi. Nusi wògblɔ le nyaƒokawo dzi la, Mawu de bubu Eŋu, eye Míexɔe se.

Bubu gã aɖeke meli wu be wòanɔ anyi aɖase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí o. Ele nuƒo ge na Eƒe Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me , Jeffersonville ƒe game, eye wòanɔ biabiawo ŋuɖom: 64-0830E Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4. Medi be makpe mí be míawɔ ɖeka kpli mí. Enye nyametsotso si mave mí kpɔ gbeɖe o.

Nɔvi. Joseph Branham