Gbedasi: 65-1205 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
- 25-0803 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
- 21-1205 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
- 21-1204 KƆKƆDZOE LA
- Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo
- 20-0719 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
- 18-0114 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
- 15-1206 Nusiwo Lava Nɔ Anyi
Mawu ƒe Nyenye Lɔlɔ̃tɔwo,
Nya ɖesiaɖe si wogblɔ le Gbedeasi sia me la nye lɔlɔ̃ ƒe leta na Eƒe Ŋugbetɔ. Be míabui be mía Fofo si le Dziƒo la lɔ̃ mí ale gbegbe, be menye ɖeko Wòdi be míaxlẽ Yeƒe Nya la ko o, ke boŋ Edi be míase Yeƒe Gbe wòaƒo nu na míaƒe dziwo ale be wòate ŋu agblɔ na mí be: “Miawoe nye Nye dunyuie gbagbe, Nye nyenye gbagbe, si Mate ŋu aɖe afia xexeame.”
Emegbe be woabui be le Eƒe vɔsa siwo katã Wòwɔ le anyigba dzi afii, agbe si Wònɔ, mɔ si dzi Wòzɔ la megbe, nu ɖeka pɛ Wòbia:
“Bene afisi Mele la, woawo hã woanɔe.” Ebia míaƒe nɔvikadede. Eyae nye nu ɖeka hɔ̃ si Wòbia Fofo la le gbedodoɖa me, miaƒe hadede heyi ɖaa.
Afisi Mele, “Eƒe Nya,” ele be míawo hã míanɔ, be míaxɔ Eƒe nɔvikadede, Eƒe hadede, heyi ɖaa. Eyata, ele be míanɔ agbe ɖe Nya ɖesiaɖe si Wògblɔ na mí le nyaƒokawo dzi nu be míanye Eƒe Nya Ŋugbetɔ le Aƒe, si wɔ mí Ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe.
Emae nye Yesu Kristo ƒe ƉEƉEFIA le gaƒoƒo sia me. Menye nusi Wònye le gaƒoƒo bubu me o, amesi Wònye FIFIA. Nya la na egbea. Afisi Mawu le egbea. Emae nye Ɖeɖefia na egbea. Fifia ele tsitsim le Ŋugbetɔ la me, si na míele viŋutsu kple vinyɔnu ƒe nɔnɔme deblibowo zum.
Míekpɔa mía ɖokuiwo le Eƒe Nya la me. Míenya amesiwo míenye. Míenya be míele Eƒe ɖoɖo la me. Esiae nye Mawu ƒe Mɔ na egbea. Míenya be Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Eteƒe madidi o míaƒe lɔlɔ̃tɔwo adze. Ekema míanya be: Míeva ɖo. Míakatã míele yiyim ɖe Dziƒo…ẽ, Dziƒo, teƒe ŋutɔŋutɔ abe esia ene.
Míeyina ɖe teƒe vavã aɖe afisi míawɔ nuwo le, afisi míanɔ agbe le. Míawɔ dɔ. Míadzɔ dzi. Míanɔ agbe. Míeyina ɖe Agbe me, ɖe Agbe Mavɔ vavã me. Míeyina ɖe Dziƒo, paradiso aɖe me. Tututu abe alesi Adam kple Xawa wowɔ dɔ, nɔ agbe, ɖu nu, hedzɔ dzi, le Eden bɔ la me hafi nuvɔ̃ va ge ɖe me la, míele mɔ dzi trɔ yina ɖe teƒe ma tututu ake, tututu, míetrɔ yina tẽ. Adam gbãtɔ, to nuvɔ̃ me, ɖe mí do goe. Adam Evelia, to dzɔdzɔenyenye me, gbugbɔ kplɔ mí ge ɖe me ake; tso afia na mí hegbugbɔ kplɔ mi ge ɖe me.
Aleke ame aɖe nusi esia nye na mí agblɔ? Nuvavã sia be míeyina ɖe paradiso me afisi míanɔ agbe le Mavɔmavɔ me ɖe du. Blanuilélé, vevesese alo ŋɔdi maganɔ anyi o, blibodede ɖe blibodede dzi ko.
Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm, míaƒe luʋɔwo lé dzo le mía me. Satana le zizim ɖe míadzi geɖe geɖe wu gbesiagbe, gake míekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm. Nukata:
- MÍENYA, AMESIWO MÍENYE.
- MÍENYA BE, MÍME, EYE MÍA ƉE DZI LE ƑO NA EYAMA O.
- MÍENYA BE, MÍELE EƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO ME.
- MÍENYA BE, ENA EƑE NYA ƑE ÐEƉEFIA VAVÃTƆ LA MÍ.
Nᴐviŋutsu. Joseph, nu ɖeka ma ke nèŋlɔna kwasiɖa sia kwasiɖa. ŊUTIKƆKƆE, maŋlɔe kwasiɖa sia kwasiɖa elabena Edi be mianya alesi gbegbe Yelɔ̃a mie. Amesi mienye. Afisi yim miele. Vɔvɔ̃li la le vavãtɔ la zum. Miawoe nye Nya si le Nya la zum.
Xexeme lɔlɔ̃tɔ, miva wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, le telefoni ƒe katsatsa la ŋu, menye le esi “me” kpe mi ta o, ke boŋ le esi “EYA” kpe mi ta. Menye le esi “me” tia nyaƒoka la ta o, ke boŋ be míase Nya la kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame godoo le game ɖeka dzi.
Ðe míate ŋu ade dzesii, be ele bɔbɔe be Ŋugbetɔ la nase Mawu ƒe Gbe, le xexeame godoo, wo katã le game ɖeka ma tututu dzia? Mawu wòle be ema nanye. Mawu na nyagblɔɖila la wɔe esime Eƒe dɔla nɔ anyigba dzi afisia. Ede dzi ƒo na Ŋugbetɔ la be woawɔ ɖeka le gbedodoɖa me, WO KATÃ LE JEFFERSONVILLE ƑE GAME DZI, ga 9, ga 12, ga 3; aleke gbegbe wòlolo wu fifia, be Ŋugbetɔ la ate ŋu aƒoƒu abe AME ÐEKA ene be wòase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na wo katã le game ɖeka dzii?
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: Nusiwo Lava Nɔ Anyi 65-1205
Ŋɔŋlɔawo:
Mateo Kɔkɔe 22:1-14
Yohanes Kɔkɔe 14:1-7
Hebritɔwo 7:1-10