Gbedasi: 65-0801m Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 24-0818 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 23-0129 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 21-1003 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 20-0216 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
Ame Deblibo Lɔlɔ̃tɔwo,
Gbe si míesena le nyaƒokawo dzi la nye Gbe ma ke si ɖe gbeƒã Eƒe Nya la le Eden-bɔa me, le Sinai To dzi, kple Tɔtrɔ ƒe To la dzi. Ele ɖiɖim egbea kple Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia blibo kple mamlɛtɔ. Ele Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm, le edzram ɖo na Kɔkɔdzɔe la. Ŋugbetɔ la le Esem, le Exɔm, le agbe nɔm ɖe Eŋu, eye wòdzra Eɖokui ɖo to Edzixɔxɔse me.
Ame aɖeke mate ŋu axɔe le mía si o. Womate ŋu atrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu o. Eƒe Gbɔgbɔ le bibim hele keklẽm le mía me. Etsɔ Eƒe Agbe, Eƒe Gbɔgbɔ na mí, eye wòle Eƒe Agbe ɖem ɖe go le mía me. Míeɣla ɖe Mawu me eye Eƒe Nya la le mía nyim. Satana mate ŋu aka asi mía ŋu o. Womate ŋu aʋã mí o. Naneke mate ŋu atrɔ mí o. To Ɖeɖefia me la, míezu Eƒe NYA ŊUGBETƆ.
Ne Satana di be yeaɖiɖi mí ɖe anyi la, ɖeko míeɖoa ŋku ale si Mawu kpɔa míi dzi nɛ. Ne Ebɔbɔ ŋku be yeakpɔ mí la, nusi ko wòkpɔna koe nye sika DZADZE. Míaƒe dzɔdzɔenyenye nye EƑE dzɔdzɔenyenye. Míaƒe nyenyewo nye EYA ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyenyewo. Wokpɔa míaƒe amenyenye le Eyama me. Nusi Wònye la, ƒe dzedzeme fiam míele fifia. Nusi le esi la, ƉEM míele ƉE GO FIFIA.
Alesi Wòlɔ̃a gbɔgblɔ na Satana be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le Eŋu o; EDE BLIBO. Na Nyea la, Eyae nye Nye Ŋugbetɔ, ŋutikɔkɔe le eme kple le egodo. Tso gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, eyae nye Nye Dɔwɔwɔ, eye Nye Dɔwɔwɔwo katã deblibo. Le nyateƒe me la, le Eya me la, woƒo Nye nunya kple tameɖoɖo mavɔ la nu ƒu ɖo eye woɖee ɖe go”.
“Mekpɔ Nye Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a be edze. Abe alesi sika nye nusi ŋu woate atrɔ asi le ene la, Edodzi kpefu ɖe Tanye. Mewɔ ƒoƒose, bɔbɔ, alo gbã gudugudu o, ke boŋ womee abe atsyɔ̃ɖonu ene. Eƒe agbesia me dodokpɔwo kple tetekpɔwo wɔ Eyama Nye Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ”.
Ðe esia mele ko abe Aƒetɔ la ene oa? Enya ale si tututu ko wòade dzi ƒo na mí. Egblɔ na mí be, “Mègana dzi naɖe le ƒowò gbeɖe o, ke boŋ dzi nenɔ ƒowò”. Ekpɔa míaƒe lɔlɔ̃ ƒe dɔwɔwɔwo na Eyama. Ekpɔa nusiwo me wòle be míato. Ekpɔa aʋa siwo me wòle be míado dzi le gbesiagbe. Abe alesi Wòlɔ̃ mía dometɔ ɖesiaɖe ene.
Le Eƒe Ŋkuwo me la, míede blibo. Elala mí tso gɔmedzedzea me ke. Maɖe mɔ naneke nadzɔ ɖe mía dzi o negbe ɖe wònye míaƒe nyona ta ko hafi. Enya be míaɖu mɔxenu ɖesiaɖe si Satana atsɔ aɖo mía ŋkume dzi. Elɔ̃a kpeɖoɖo edzi nɛ be míenye Yeƒe Ŋugbetɔ. Womate ŋu aʋã mí o. Míawoe nye Amesiwo wòle lalam tso gɔmedzedzea me ke. Naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Eyama kple Eƒe Nya la gbɔ o.
Edɔ Eƒe dɔla gbedeasitsɔla sesẽ la ɖe mí ale be wòate ŋu aƒo nu ɖe to me na mí. Ena wolée ɖe mɔ̃ dzi ale be nyabiase aɖeke naganɔ nusi Wògblɔ ŋu o. Ena Wodzrae ɖo ɖi ale be Eƒe Ŋugbetɔ nakpɔ nane aɖu vaseɖe esime Wòava ɖe Eya ta.
Meka be bubuwo mesea mía gɔme nyuie eye wotia mía yome le esi míegblɔa be míenye “Nyaƒoka Tɔwo” o, míekpɔa dzidzɔ, elabena nusi Wòɖe fia mí be míawɔ yenye esi. Ele be ame bubuwo nawɔ abe alesi wose le woɖokui me be wokplɔ yewo be yewoawɔe ene, gake le mía gome la, ele be míawɔ ɖeka le Gbe ɖeka te, Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒokawo dzi.
Míate ŋu abu nu bubu aɖeke ŋu o. Míate ŋu ase nu bubu aɖeke gɔme o. Míate ŋu awɔ nu bubu aɖeke o. Míate ŋu LƆ̃ ɖe nu bubu aɖeke dzi o. Míetsi tre ɖe nusi xɔsetɔ bubuwo sena le wo ɖokui me be Aƒetɔ la kplɔ yewo be yewawɔ ŋu o, gake esiae nye nusi Mawu KPLƆ MÍ BE MÍAWƆ, eye afisiae wòle be MÍATSI.
Míaƒe dzi dze eme. Mawu ƒe Gbe ye le míanyim. Míate ŋu agblɔ “amen” na NYA ƉESIAƉE si míesena. Esiae nye Mɔ si Mawu na mí. Míate ŋu awɔ nu bubu aɖeke o.
Ðeko melɔ̃na be makpe amesiame be wòava wɔ ɖeka kpli mí. Ðeko míele takpekpewo wɔm abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔwo esime wònɔ anyigba dzi afisia ene. Togbɔ be mele afisia le ŋutilã me o hã la, nu vevitɔe nye nusi Mawu gblɔ na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒokawo dzi.
Ekpe xexeame be woakpɔ gome le telefoni ƒe katsatsa me, gake ne woDI BE yewoawɔe ko hafi. Ena woƒo ƒu ɖe afisiafi si woate ŋui be yewoase Mawu ƒe Gbe aƒo nu na wo katã le game ɖeka dzi. Nu mae Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔ ɣemaɣi, eyata ɖeko mele agbagba dzem be mawɔ nusi tututu wòwɔ abe nye kpɔɖeŋu ene.
Eyata, míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí le ka dzi Kwasiɖagbe le ŊDƆ me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase Mawu ƒe dɔla wòatsɔ Gbedasi: Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu 65-0801M vɛ na mí.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:
Mateo ta 24lia / 27:15-23
Luka 17:30
Yohanes 1:1 / 14:12
Dɔwɔwɔwo 10:47-48
Korintotɔwo I 4:1-5 / Ta 14lia
Korintotɔwo II 4:1-6
Galatiatɔwo 1:1-4
Efesotɔwo 2:1-2 / 4:30
Tesalonikatɔwo II 2:2-4 / 2:11
Hebritɔwo ta 7lia
Yohanes I Ta 1 / 3:10 / 4:4-5
Nyaɖeɖefia 3:14 / 13:4 / Ta 6-8 kple 11-12 / 18:1-5
Lododowo 3:5
Yesaya 14:12-14