Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Aƒetɔ la tsɔe da ɖe nye dzi dzi be míawɔ Gbedeasi kple Kɔmuniɔ̃ ƒe Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ aɖe Ƒe Yeye ƒe dzodzragbe ƒe sia me ake. Nu gã kae míate ŋu awɔ, xɔlɔ̃wo, wu be míase Mawu ƒe Gbe aƒo nu na mí, akpɔ gome le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me, eye míagagbugbɔ kɔ míaƒe agbewo ŋu na Eƒe Dɔ le Ƒe Yeye la ƒe gɔmedzedze me. Ɣeyiɣi kɔkɔe ka gbegbee wòanye be míama ɖa le xexeame gbɔ, eye míawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la hena kpekpe Tɔxɛ sia le Nya la me, esime míanɔ gblɔgblɔm tso míaƒe dzi me be, “Aƒetɔ, tsɔ vodada siwo katã míewɔ la ƒe bliboa me ke mí; fifia míele tetem ɖe ŋu Wò, hele biabiam be Nàlé míaƒe asi ahafia mɔ mí le ƒe sia si gbɔna me. Neva eme be míasubɔ Wò wu alesi míesubɔa kokoko, eye ne ele Wò Mawume Lɔlɔ̃nu me la, nà be wòanye Kɔkɔdzoe gã si wòle be wòadzɔ ƒe ƒe. Aƒetɔ, ɖeko míedi be míayi Aƒeme aɖanɔ Gbɔwò le Mavɔmavɔ me.” Meti dzi be maƒo ƒu ɖe Eƒe Fiazikpui la ŋu hena adzɔgbeɖeɖe yeye tɔxɛ sia ƒe takpekpe, woakafu Aƒetɔ la.
Le xɔsetɔ siwo le Jeffersonville nutoa me gome la, madi be madze nyaƒoka la gɔme le zã ga 7 me le míaƒe nutoa me ƒe game nu. Gbedeasi kple Kɔmunĩɔ ƒe subɔsubɔdɔ bliboa anɔ Gbeɖiɖi ƒe Radio dzi ɣemaɣi, abe alesi míewɔe va yi ene. Míana Kɔmunĩɔ wein bablaawo nanɔ anyi le Kuɖa, Dzome 18lia, tso ŋdɔ ga 1yi 5, be miaxɔ le YFYC xɔa me.
Le mi amesiwo le Jeffersonville nutoa godo la, taflatse miwɔ subɔsubɔdɔ tɔxɛ sia le game si sɔ na mi dzi. Míakpɔ link aɖe si woate ŋu atsɔ axɔ Gbedeasi la kple Nuɖuɖu Kɔkɔe ƒe takpekpea.
Esi míele Kristmas Mɔkeke la gogom la, medi be mado DEDIENƆNƆ Mɔkeke Zãgbe WƆNUKU , kple KRISTOmas ƒe dzɔgbenyuie, si yɔ fũ kple Aƒetɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒe dzidzɔ…NYA la na wò kple wò ƒomea.
Mawu neyra mi,
Nɔviŋutsu Joseph