Gbedasi: 64-0213 Tete Yesu Va Eye Wòyɔ
Nya Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Míele gaƒoƒo siwo do viviti wu me, gake VƆVƆ̃ AƉEKE mele mía si o, Aƒetɔ la va. Eva be yeana Yeƒe Nya la nava eme le ŋkeke mamlɛtɔ la me. Nusi Wònye ɣemaɣi la, Enye egbea. Nusi Eƒe Ɖeɖefia kple Eƒe ɖeɖeɖego nye ɣemaɣi la, Enye egbea. Egakpɔtɔ nye Mawu ƒe Nya, si ɖe Eɖokui ɖe go le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le Eƒe dɔla adrelia ŋusẽtɔ la me eye wòɖee fia mí be, míenye Eƒe Nya Ŋugbetɔ gbagbe la.
Ɣeyiɣi mele míasi na nyaʋiʋli alo dzrehehe o; Míeto ŋkeke ma ŋu yi; míele ŋgɔgbe yim, elebe míaɖo afima. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mía dome. Aƒetɔ Yesu le Gbɔgbɔ la ƒe nɔnɔme me ɖe Eɖokui fia eye wòɖe eɖokui ɖe go to Eƒe nyagblɔɖila me be yenye Mawu ƒe Gbe na Yeƒe Ŋugbetɔ.
Egblɔ be yeava. Egblɔ be Yeawɔ esia. Egblɔ be Yeatso le kpeadzi le ŋkeke mamlɛawo me eye yeawɔ nusiawo abe alesi Yewɔe esime Yeva le ŋutilã me zi gbãtɔ ene, eye Yenye esi le ewɔm. Nukae vɔ̃m miele? NANEKE O!!!
Míele míaƒe mɔ dzi yina ɖe Ŋutikɔkɔe me! Naneke matɔ mí te o. Mawu le kpeɖom Eƒe Nya la dzi. Nyemetsɔ ɖeke le me na nusi le dzɔdzɔm o. Ɣeyiɣia de na zɔɖeɖe. Ɣeyiɣia de be woaxɔ ase alo womaxɔ ase o. Mama fli ma si vaa na ŋutsu kple nyɔnu ɖesiaɖe la va ɖo.
Wodzi mi ɖe taɖodzinu aɖe ta. Esi kekelia ƒo mi la, Eɖe viviti la katã le miame. Esi miese Eƒe Gbe ƒo nu na mi le nyaƒokawo dzi la, nane dzɔ. Eƒo nu na miaƒe luʋɔ. Egblɔ be, “Aƒetɔ la va eye wòle miayɔm. Migati dzimaɖi o, migavɔ̃ o, meyɔ mi. Miawoe nye Nye Ŋugbetɔ”.
Oo, dukɔ, ka ɖe edzi! Mègaxɔ dzɔgbenyuie afã ɖeke le eŋu o. Ðoɖo aɖe le Mawu si: Eƒe Nya si wòlé ɖe nyaƒokawo dzi. Aƒetɔ la va le yɔwòm. Va Mawu ƒe mɔ si wòna la dzi.
Aƒetɔ la agawɔ Eƒe Ŋugbetɔ ɖeka le xexeame godoo kple Eƒe Gbe ake. Ele dzi de ge ƒo na mí, ana kakaɖedzi mí, ada gbe le mía ŋu, akplɔ mí va Eƒe Amegbɔnɔnɔ sesẽ la me eye wòagblɔ na mí be:
Aƒetɔ la va eye Wòle yɔwòm. Oo, nuvɔ̃wɔla, oo, dɔléla, ɖe miekpɔ be Aƒetɔ la le eɖokui ɖem ɖe go to amegbetɔwo me, le xɔsetɔwo dome o mahã? Eva be Wòayɔ evia siwo xɔ se la va lãmesẽ me. Eva be yeayɔ nuvɔ̃wɔla va dzimetɔtrɔ gbɔ. Megbedela, hamevi, Aƒetɔ la va eye wòle yɔwòm.
Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kɔkɔɖi kae le Ŋugbetɔ la si su ge le Kwasiɖagbe sia esime Mawu agaƒo eƒe viwo nu ƒu ake eye wòage ɖe míaƒe aƒewo, míaƒe hamewo, míaƒe ƒuƒoƒewo me, eye wòayɔ mí agblɔ be, “Aƒetɔ la va eye wòle yɔyɔ wɔm.Nukakee hiã mi la, miatɔ ye wònye.”
Nya mawo neɖo tsi ɖe miaƒe dziwo me, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. NUKAKEE HIÃ MI LA, AƑETƆ LA VA EYE WÒLE ETSƆM NA MI.
Fofo Dziƒoʋĩtɔ, Oo Aƒetɔ, nà wòagava me ake. Nusiawo katã si megblɔ be, “Yesu va eye wòle yɔwòm.” Nukae Wòwɔna ne Eva? Ele ame yɔm. Ke nà wòagava me ake, Aƒetɔ. Nà Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe nava dukɔa dome fiẽ sia, Aƒetɔ Yesu le Gbɔgbɔ ƒe—ƒe nɔnɔme me. Nà Wòava fiẽ sia aɖe Eɖokui fia, eye wòaɖe Eɖokui ɖe go.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 64-0213 Tete Yesu Va Eye Wòyɔ
Game: ŊDƆ ga 12 Jeffersonville ƒe game
Ŋɔŋlɔawo: Yohanes Kɔkɔe 11:18-28