25-0921 Fɔ̃bubu

Gbedasi: 63-0707m Fɔ̃bubu


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ŋu Fɔbubu Megale O,

Azɔ, afima, “wo,” menye nuvɔ̃wɔla o. “Wo,” si nye, ŋkeke ma ƒe hame la, wokpɔ vodada le Amesi nye Nya la ŋu. Esɔ gbea? Wokpɔ vodada le Amesi nye Nya la ŋu. Fifia wokpɔ vodada le Nya la si le dɔwɔm to amea dzi ŋu.

Tso gɔmedzedzea me ke la, xexeame gbe Eyama, gbe ŋu le Egbɔ, gbe be yemanɔ anyi kple Eƒe Nya la o to woƒe kɔnyinyiwo, woƒe dzixɔsewo, woƒe susuwo me lele ɖe asi me. Woda Mawu ƒe ɖoɖo la ƒu kokoko; Mawu, abe Amegbetɔ ene, amesi nye Nya la, eye fifia Nya la le dɔ wɔm to amea dzi.

Gake le míaƒe ŋkekea me la, Egblɔ be, “Hatsotso sue aɖe anɔ asinye, ame ʋɛ aɖewo siwo wotia. Wonɔ Menye tso gɔmedzedzea me. Woaxɔ Nye eye woaxɔ Nye Nya kple ame si Metia be Maɖe Nye Nya la afia dzi ase. Eya anye Nye Gbe na wo.”

“Womakpe ŋu be woaɖe gbeƒã Nye Gbe o. Womakpe ŋu be yewoagblɔ na xexe sia be Megava eye Meɖe Ɖokuinye ɖe go to amegbetɔ ƒe ŋutilã me abe alesi Megblɔe ene be Mawɔ o. Ɣeyiɣi sia me la, womasubɔ amea o, ke boŋ Woasubɔ Nye, Nya la, si aƒo nu to amea dzi. Woalɔ̃m kple woƒe ameti ƒe ka ɖesiaɖe.”

“Ale, mena nusiwo katã hiã wo be woazu Nye Ŋugbetɔ la wo. Metsɔ Nye Nya tɔ kpɔ de wo, elabena wonye Nye Nya si zu ŋutilã. Ne wohiã dɔyɔyɔ la, woɖea Nye Nya gblɔna. Ne mɔxenu aɖe le mɔxem na wo la, woɖea Nye Nya la gblɔna. Ne vi ɖe le wosi si tra mɔ la, woɖea Nye Nya la gblɔna. Nukake hĩa wo la, woɖea Nye la gblɔna, elabena wonye Nye Nya si zu ŋutilã le wo me.”

“Wonya amesiwo wonye, elabena Meɖe Ɖokuinye fia wo. Woti aŋkwaretɔ kple nuteƒewɔlawo na Nye Nya eye wole ɖeka wɔm ɖe du le Nye Gbe ŋu. Elabena wonya Nye Gbe, Nye Nya, Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Wonya be, afisi Nya la le la Hɔ̃wo woaƒo ƒu ɖo.”

Esi Eƒe Nyagblɔɖila anɔ Eƒe Nya la gblɔm anɔ fɔbum dzidzime sia le Yesu Kristo ƒe kakla ɖe ati ŋu zi evelia ta eye wòaɖe gbeƒã be wotsrɔ̃ la, Ŋugbetɔ la anɔ dzidzɔ kpɔm. Elabena míenya be MÍENYE Eƒe Ŋugbetɔ si lɔ̃ xɔ Eƒe Nya. Míedoa ɣli tso míaƒe dzi ƒe gogloƒe hegblɔa be:

Tɔwòe menye, Aƒetɔ. Metsɔ ɖokuinye ɖe vɔsamlekpui sia dzi, abe alesi menya ewɔwɔ kple ɖokuinyee ene. Ɖe xexeame ɖa le menye, Aƒetɔ. Ɖe nusiwo gblẽna ɖa le menye; na nu siwo megblẽna o lam, Mawu ƒe Nya la. Na be mate ŋu anɔ agbe ɖe Nya ma nu kplikplikpli ŋutɔ, vaseɖe esime Nya la nanɔ menye, eye nye hã manɔ Nya la me dzro. Wɔe dzro, Aƒetɔ. Negadzɔ be matrɔ le Eyome gbeɖe o.

Agbe hã li, eye ku hã li. Mɔ nyuitɔ aɖe li, eye mɔ gbegblẽtɔ hã li. Nyateƒe li, eye alakpa hã li. Gbedeasi sia, Gbe sia, nye Mawu ƒe mɔ deblibo si wona egbea. Va wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Ŋugbetɔ ŋusẽtɔ ƒe akpa aɖe esi míaƒo ƒu le Eƒe Nya si woɖe fia la ŋu eye míase Gbedeasi: Fɔbubu La 63-0707M. 

Nɔvi. Joseph Branham