25-0824 Kɔmuniɔ̃

Gbedasi: 65-1212 Kɔmuniɔ̃


BranhamTabernacle.org

Nya Ŋugbetɔ Ɖeka Lɔlɔ̃tɔ Si Dzi Woɖo Kpe,

Ale gbegbe míeda akpe na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Eƒe Nya si dzi woɖo kpe na egbea ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ la ta. Geɖewo ʋuna eme be yewoxɔe se be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe Nyagblɔɖila si le Ŋɔŋlɔ siwo ŋugbe wodo kuɖe eɖokui ŋu la ŋu wum, gake woɣla Nya la ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ kple Mawu ƒe ɖoɖo la ɖe wo.

Kple lɔlɔ̃ leta ƒe Gbedeasi ɖesiaɖe si Ŋugbetɔ la sena la, Mawu ɖoa kpe edzi na mí be míele Yeƒe lɔlɔ̃nu deblibo la me to toɖoɖo Eƒe Mɔ si wona na egbea me, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi.

Eye ele be míadze Eyama yome, nye mɔ ɖeka kolia si dzi míato akpɔ Agbe Mavɔ. Eyata Mawu ƒe kplɔlanyenye enye: midze gaƒoƒoa ƒe Nya si dzi woɖo kpe la yome to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Mɔ ɖeka KOLIA si yia Agbe Mavɔ me enye: Gbɔgbɔ Kɔkɔe la si kplɔa mi be miadze Nya si dzi woɖo kpe la yome. Ameka su Nya si dzi woɖo kpe egbea la le? Amekae Mawu tia be wòaɖe Yeƒe Nya la gɔme? Amekae Mawu gblɔ be enye Yeƒe Gbe na egbea? Amekae Mawu Ŋutɔ gblɔ be eyae nye kplɔla si dzi woɖo kpe la be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la egbea? Subɔsubɔdɔa?

Ele ko abe alesi megblɔe ene bena, hɔ̃vi la esime wòse Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe Gbe la, eyi ɖe Egbɔ, Mawu ƒe Nya siamina, si dzi woɖo kpe na ŋkeke mamlea.

Noa enye Nya si dzi woɖo kpe na eƒe ŋkeke la.

Mose enye Nya si dzi woɖo kpe na eƒe ŋkeke la.

Yohanes enye Nya si dzi woɖo kpe.

Woate ŋu ade tsakatsaka alo gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe si wodi Eŋu, gake:

WILLIAM MARRION BRANHAM NYE MAWU ƑE NYA SI DZI WOƉO KPE NA EGBEA!!

Eyata Mawu ƒe kplɔlanyenye enye: midze gaƒoƒoa ƒe Nya si dzi woɖo kpe la yome to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Eye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe ƒoƒo le miaƒe hame me menye nu vevitɔ kekeake si Ŋugbetɔ la ate ŋu awɔ oa? Ele vevie wu be miase gbe aɖe si tovovoa?

Amewo ƒe hatsotso aɖe kple woƒe subɔsubɔdɔa ye awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka aɖa kplɔea? Ðe nusi subɔsubɔdɔ la le gbɔgblɔm la awɔ Ŋugbetɔ la ɖekaa? Wo katã wogblɔa nane si tovovo, eyata ameka yome wòle be míadze?

Ðe woƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Gbedeasi sia ŋu nye nusi woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mía? Ðe Dzo Sɔti aɖe le wo si ɖo kpe woƒe subɔsubɔdɔ dzia? Ðe woƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Nya la ŋu nye miaƒe Tɔɖoƒea?

Nyagblɔɖila la gblɔ be Ŋugbetɔ la awɔ ƉEKA. Bia ɖokuiwò be ɖe, nukae ana nyagblɔɖi sia ava me ale be Aƒetɔ la nava akɔ Eƒe Ŋugbetɔ la adzoe?

Eye emegbe, ne Mawu tɔwo gadze ƒuƒoƒo gɔme ake la, ɖekawɔwɔ nɔa anyi, ŋusẽ nɔa anyi. Mikpɔea? Eye ɣesiaɣi ne Mawu tɔwo dze ƒuƒoƒo keŋkeŋ la, mexɔe se be tsitretsitsia adzɔ le ɣemaɣi me. Kɔkɔdzoe ƒe ɣeyiɣi aɖe anɔ anyi ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adze eƒuƒoƒo gɔme. Wo—anɔ ame ʋɛawo me, ẽ ɖe, gake ƒuƒoƒo gã aɖe anɔ anyi.

Ðe ƒuƒoƒo gã aɖe anɔ ame aɖe ƒe subɔsubɔdɔ ŋu, wu Mawu ƒe Nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe la tɔa? Ðe wòanye mawunyagblɔlawo ƒe HATSOTSO AƉEA elabena mawunyagblɔla atɔ̃awo dometɔ aɖewo gblɔ be mele be miaƒo Mawu ƒe Gbe le miaƒe hame me GBEƉE o, be egblẽ. Ðe woakplɔ Ŋugbetɔ la ekema?

TAFLATSE MIKPE ƉE ŊUNYE LO! MAWUNYAGBLƆLA KA YOME WÒLE BE MADZE, LE ESI MEDI BE MAWƆ ƉEKA LE ƑUƑOƑO GÃ MA ME.

Ame aɖewo gblɔna be Dziɖegbe Adreawo ƒe mawunyagblɔla atɔ̃awo awɔ Ŋugbetɔ la adeblibo. Mawunyagblɔla atɔ̃a ɖewo gblɔna be Ame Ɖeka ƒe subɔsubɔdɔ ŋkekewo wu enu. Mawunyagblɔla atɔ̃a ɖewo gblɔna be ele be míatrɔ ayi ɖe Pentekoste. Ame aɖewo gblɔna be Gbedeasi la menye Tɔɖoƒe la O. Ame aɖewo gblɔna be ne mieƒo nyaƒokawo la, mienye mawunyenye dzixɔsela. Wo katã wogblɔa nya aɖe si to vovo, eye wo KATÃ gɔmeɖeɖe vovovowo, susu vovovowo le wo si, gake wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔa be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ye le YEWO Kplɔm.

MAWUNYAGBLƆLA ATƆ̃AWO DOMETƆ KA YOME WÒLE BE MADZE? Zi alesi mekplɔ “NYE” Pastɔ si le atɔ̃awo dome ɖo ko la, manye Ŋugbetɔ laa? Mawunyagblɔla atɔ̃awo ƒe “Hatsotso” vovovowo sɔ gbɔ ale gbegbe. Mawunyagblɔla 20 siawo ƒoa ƒu eye wowɔa woƒe takpekpewo, gake womelɔ̃ ɖe dzi kple mawunyagblɔla 20 bubu siwo le takpekpe bubuwo wɔm kura o…Takpekpe kawoe wòle be mayi be madeblibo eye mawɔ ɖeka…wo dometɔ aɖewoa…wokatã?

Eye amewo xɔe se be TƆTƆTƆTƆ SIA AWƆ ŊUGBETƆ LA ƉEKA EYE WÒANA WÒADE BLIBOA? Wo katã wogblɔna be yewo le MAWUNYAGBLƆLA ATƆ̃ VAVÃTƆ SI MAWU YƆ LA DOME. Gake womele miakplɔm yina ɖe KPLƆLANYENYE VAVÃTƆ LA GBƆ TO GBƆGBƆ KƆKƆE LA DZI O, WOLE MIAKPLƆM YINA ƉE WOƉOKUIWO KPLE WOƑE SUBƆSUBƆDƆ GBƆ.

Na nyea la, ɖeɖefia aɖe mehĩa na mi gɔ̃ hã hafi mianya be ema mate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ƉEKA alo AKPLƆ Ŋugbetɔ blibo la GBEƉE o. NYA la ƉEKA koe awɔ Ŋugbetɔ ɖeka, to Mawu ŊUTƆ ƑE GBE LE NYAƑOKAWO DZI.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, anyo na mi wu be mianyɔ ne miele pastɔ aɖe si le Nya la gbeƒãɖeɖe kple xexlẽ ko dzi, nusi wɔ nuku eye WÒNYE NUSI TUTUTU wòle be wòanɔ wɔwɔm, gake mele egblɔm na mi, eye vevietɔ wu la MELE EDZI WƆM, to MAWU ƑE GBE ƑOƑO LE NYAƑOKAWO DZI LE MIAƑE HAMEA ME O yome dzem.

Nɔviŋutsu Branham gblɔ na mí be:

Azɔ, kodzogbeme Mawume ɖoɖo etɔ̃ wogblẽ ɖi na mí: wodometɔ ɖekae nye—nye kɔmuniɔ, afɔkɔklɔ, nyɔnyrɔ̃ le tsi me. Nu etɔ̃awo ɖeɖe koe ma. Blibodede la, na etɔ̃a woe ma, mikpɔea.

Medi be míawɔ Kɔmuniɔ kple Afɔ Kɔklɔ Takpekpe le Kwasiɖagbe sia, ne Aƒetɔ la lɔ̃. Abe alesi míewɔe va yi ene la, made dzi ƒo na mi be miadze egɔme le fiẽɣi ga 5 me le miaƒe nutoa me le miaƒe game dzi. Togbɔ be Nɔviŋutsu Branham gblɔ be apostoloawo wɔa Kɔmuniɔ ɣesiaɣi si wova ƒoa ƒu la, etia be yeawɔe le fiẽɣi me, eye wòyɔe be Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖu.
Gbedeasi la kple Kɔmuniɔ Takpekpe la anɔ Voice Radio dzi, eye linka ɖe hã akplɔ mi yiɖe faɛl si woate ŋu awɔ kɔpi na, na amesiwo mate ŋu ayi ɖe Voice Radio dzi le Kwasiɖagbe fiẽ o.

Nɔviŋutsu Joseph Branham