Gbedasi: 60-0522E Vixɔxɔ #4
Lɔlɔ̃tɔ Siwo Trɔ Dzime.
To Play Zizi me la, míele to ɖom Mawu ƒe Nya si me dana ƒu o. Enye be Nya ɖesiaɖe nye Nyateƒe, eƒe nyagbe ɖesiaɖe. Woyɔ mí hekpɔ mía ta, yɔ mí fũ eye woɖe mí ɖe aga; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũ, eye fifia míele Kanaan nyigba dzi xoxo. Míevɔ̃na na naneke o…NANEKE O, míenya amesiwo míenye.
Esi míenɔ anyi kple Eƒe Nya la, abe alesi Wòde se na mí be míawɔe ene la, Ele gbɔgblɔ ge na mí be Yegblẽ domenyinu aɖe ɖi na mí. Ɣekaɣie Nèwɔ nu ma, Fofo? Esi Metia mi eye Mede miaƒe ŋkɔwo Alẽvi ƒe Agbegbalẽa me doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke la.
Esi ɣeyiɣi ƒe blibodede la va la, Medɔ Yesu Alẽvi la, Si wowu tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyia ke la, be miate ŋu axɔ miaƒe domenyinu be mianye Vinyeŋutsuwo kple nyɔnuwo, mawu suewo.
Ele be malé ŋku ɖe miaŋu le gbeɖeɖe krekrekre kple teƒe siwo le ƒuƒlu ta hafi mate ŋu ana teƒe mi.
- “Èxɔe se be Nye Gbe ƒoƒo le nyaƒokawo dzi le hamea me gblẽa?
- “Ẽ, mele be miaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”
- “Mibu fɔe. Mile gbeɖem krekrekre.”
- “Miexɔe se be Nye Nya le nyaƒokawo dzi hiã gɔmeɖeɖea?”
- “Ẽ, Ehiã be ame aɖe naɖe egɔme.”
- “Èle gbeɖem krekrekre. Ètsɔe ƒu gbe. Mèsɔ gbe haɖe o.”
Ne èsɔ gbe la, àgblɔ be, “Amen” ɖe nya ɖesiaɖe dzi.
- “Èxɔe se be Menye Eyama ke Etsɔ, Egbe yiɖe mavɔmavɔ mea?”
- “Amen.”
- “Èxɔe se be Nye Gbe le nyaƒokawo dzi nye GBE VEVITƆ KEKEAKE si wòle be nàsea?”
- “Amen.”
- “Èxɔe se be Nye Gbe si le nyaƒoka dzi ana Ŋugbetɔ la nawɔ ɖeka?”
- “Amen.”
- “Èxɔe se be Nye dɔla sesẽtɔ la akplɔ mi afia Nyea?”
- “Amen.”
Èle sesẽm azɔ. Melé ŋku ɖe ŋuwò ɖe gbeɖeɖe krekrekre kple teƒe siwo le ƒuƒlu ta. Mesɔ gbe be be mado ʋɔa. Made Nye Nutrenu dziwò. Èɖu dzi le Nye nudodokpɔ me.
Azɔ mina magblɔ nane na mi, Nye lɔlɔ̃tɔ xɔasi siwo le nyaƒoka nyigbawo dzi; le Ƒuwogodo kple afisiafi si miele la, migavɔ̃ o. Nusianu le nyuie. Menya mi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Menya nusianu si adzɔ.
Megbɔna kpuie ɖe miawo ta eye makplɔ mi ayi Teƒe si ku aɖeke, vevesese aɖeke, ŋuʋaʋã aɖeke, naneke meli o; Blibodede ko, lɔlɔ̃ deblibo.
Vaseɖe ɣemaɣi la, migaŋlɔ be gbeɖe o, Metsɔ Nye Ŋya la na mi, miawoe NYE NYE NYA si zu ŋutilã. Ne NANE hiã mi la, migblɔe, ekema Mixɔe se; Miaƒe domenyinu ye.
Maɖo Nye Gbe ɖe mi ake le Kwasiɖagbe sia eye maɖe Wo katã gɔme na mi. Magagblɔ amesi mienye la na mi zi ɖeka ake, afisi mieyina, kple alesi Wòle le afima, fifi la.
Va wɔ ɖeka kple Nye Ŋugbetɔ esime Mana woaƒoƒu ɖe du anɔ anyi ɖe du le dziƒo nutowo me le Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Game, eye Nàsem mana mi teƒe to Nye Nya dzi.
60-0522E Vixɔxɔ #4.
Nɔvi. Joseph Branham