25-0216 Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia

Gbedasi: 61-0806 Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo le ŋudzɔ hele Lalam,

Dzidzɔ aɖe le Ŋugbetɔ la dome geɖe wu tsã. Míele mɔ kpɔm vevie; míaƒe yubili ƒea le ɖoɖom be wòava eme. Ŋugbetɔ la lala eteƒe didi ŋutɔ be ŋkeke sia nava. Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu va eye mavɔmavɔ ƒe gɔmedzedze kple míaƒe Aƒetɔ la adze egɔme kpuie.

Míele ɣeyiɣi si me míele la gɔme sem to Nya la sese me. Ɣeyiɣi la ŋu va yi. Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Míeva ɖo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va eye wòɖe nu gã, goglo, ɣaɣlawo katã fia Eƒe Ŋugbetɔ.

Míetsi dzodzodzoe, míele Mawu dim; le mía ɖokuiwo dzram ɖo. Míetsɔ xexe sia me nuwo katã ƒu gbe. Agbe sia me dzimaɖitsitsiwo meɖi naneke na mí o. Míaƒe Xɔse de kɔkɔƒe geɖe wu tsã. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse nam Eƒe Aƒenɔ tiatia la, ale be wòate ŋu ava akplɔ Eyama adzoe.

Kwasiɖa blaadẽ vɔ asieke siawo sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ; Yudatɔwo ƒe tɔtrɔdzo sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ; hamea ƒe agbenɔɣi sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ. Míeɖo nuwuwuɣi, nuwuwuɣi si nye, Laodikea hamea ƒe agbenɔɣi, ƒe nuwuwu. Ɣletivi gbedeasitsɔlawo katã ɖe gbeƒã woƒe gbedeasi. Enu yi vɔ. Míeɖo tɔkɔ vɔ.

Numadzɔkpɔdzɔ ƒe ɣeyiɣi kae nye esi me míele. Enye ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake esime futɔ la le ƒoƒom ɖe amesiame dzi geɖe wu tsã. Ele nusiwo katã le esi la dam ɖo ɖe mí. Etsi dzodzodzoe, elabena enya be yeƒe ɣeyiɣia va ɖo nuwuwu.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me tututu la, míekpɔ dzidzɔ alea gbegbe le míaƒe agbe me kpɔ o.

  • Míete ɖe Aƒetɔ la ŋu alea gbegbe kpɔ o.
  • Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔa míaƒe ŋutilã ƒe ka ɖesiaɖe me fũ.
  • Míaƒe lɔlɔ̃ na Eƒe Nya la melolo alea gbegbe kpɔ o.
  • Míaƒe Ɖeɖefia le Eƒe Nya ŋu yɔa míaƒe luʋɔ me fũ.
  • Míele futɔ ɖesiaɖe dzi ɖum kple Nya la.

EYE, míeka ɖe amesiwo míenye dzi nenema gbegbe kpɔ o:

  • AMEƉOƉIWO
  • AMETIATIAWO
  • TIATIAVIWO
  • FIAƑOME NUKU
  • LƆLƆ̃TƆWO
  • MAVƆMAVƆTƆWO, AWUƔIƲLAYATƆWO, AƑENƆ. JÉSUS, NYAƑOKA SESE, AMESIWOME WOKLẼ ƉO , ÐETUGBUI LE AƑE KƆKƆE, AMESIWO YƆ FŨ KPLE GBƆGBƆA, AMESIWO DZI WOMEÐUNA O, AMESIWO WOXƆ VI, NYA DZADZE ŊUGBETƆ, TSIMATƆE.

Nukae gbɔna le emegbe? Kpe la le vava ge. Míele ŋudzɔ, le lalam hele gbe dom ɖa le gbesiagbe ƒe miniti ɖesiaɖe me. Nu bubu aɖeke mele vevie o negbe be míadzra mía ɖokui ɖo hena Eƒe vava.

Menye, “Míele mɔ kpɔm be” ye o, MÍENYA. Ðikeke aɖeke megali o. Le ɣeyiɣi aɖe me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, awu enu, eye míanɔ go kemɛ dzi kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo katã kpakple EYA le míaƒe Srɔ̃ɖenuɖuɖu me.

EYE GƆMEDZEDZE KOE NYE EMA…KE NUWUWU AƉEKE MELI O!!

Va dzra ɖo ɖe Srɔ̃ɖe Fiẽnuɖuɖu ma ŋu kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game dzi, esime Mawu le nu ƒom to Eƒe dɔla sesẽ la dzi, amesi Wòdɔ be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ, esime wòagblɔ, aɖe Mawu ƒe nya ɣaɣlawo katã fia.

Nɔvi. Joseph Branham

Message: 61-0806 – Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia