24-0623 Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe

Gbedasi: 65-0221M Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe

PDF


BranhamTabernacle.org

Nya Ƒe Ŋugbetɔ Dzadzɛ Tsimatɔe Lɔlɔ̃a,

Míenye Eƒe Aƒenɔ sue Lɔlɔ̃tɔ; tsimatɔe, si ŋu ɖoɖowɔha aɖeke, nufiafia ametɔwɔwɔe aɖeke meka asi ŋu o. Míenye Nya ƒe Ŋugbetɔ, dzadzɛ tsimatɔe! Míenye Mawu ƒe vinyɔnu si wodo fu.

Míenye Eƒe Nya si Woɖe gblɔ, si nye Eƒe Nya gɔmedzedzetɔ, zu viwo! Nuvɔ̃ aɖeke mele Mawu me o, alea nuvɔ̃ aɖeke mele míame o, esime míele le Eŋutɔ Ƒe nɔnɔme me. Aleke míate ŋu ge mahã? Mate ŋu va me o…GBEƉE! Míenye Eƒe akpa aɖe, Eƒe NYA GƆMEDZETƆ la.

Aleke míate ŋu nya esia ɖikeke aɖeke manɔmee? ƉEƉEFIA. Biblia katã, Gbedeasi sia, Mawu ƒe Nya, Ɖeɖefia blibo.
Nenemae míenya nyateƒe la le Gbe sia kple gbe bubuwo dome, elabena Enye Ɖeɖefia. Ke míaƒe Ɖeɖefia li kpli Nya la tututu, meto vovo na Nya la o.

Eye le kpe gbadza sia dzi” (gbɔgbɔme ɖeɖefia le nusi Nya la nye ŋu) “Matu Nye Hame; eye tsiẽƒe ƒe agbowo maʋuʋu Esia ƒu anyi akpɔ o.” Eƒe Srɔ̃nyɔnu la ŋutsu bubu matee akpɔ o. “Matu Nye Hame, eye tsiẽƒe ƒe agbowo mate ŋu Aʋuʋui o.”

Míanye nyateƒe kple nuteƒewɔlawo na Eƒe Nya kple Eƒe Gbe, ɖeɖeko. Ŋutsu bubu aɖeke maƒoɖi mí be míawɔ ahasi o. Míakpɔtɔ anye Eƒe Ŋugbetɔ Nya si le Aƒe. Míakpɔ, aɖo to alo adze ahĩa kple nya bubu o.

Ele míaŋutɔ ƒe dziwo ɖaa ke. Srɔ̃ŋutsu bubu aɖeke mele míasi nɔ ge o, negbe ko míaƒe SRƆ̃ŊUTSU ƉEKA, Yesu Kristo, Ŋutsu ɖeka, Mawu, Imanuel. Eƒe Srɔ̃nyɔnu anye akpe akpe zigbɔ akpewo. Ema fia be elebe Ŋugbetɔ la natso Nya la me. “Aƒetɔ Yesu Ɖeka, kple Eƒe Ŋugbetɔ geɖe, bubunu Elebe míaɖo ŋku dzi aɖase egɔme be menye amesiame tɔ o, nyagblɔɖila ƒe hatsotso ƉEƉEKO tɔ. Eŋutɔ ƒe toɖolawo. Gbedeasi la nye woawo ɖeɖeko tɔ, alẽha sue si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɛ be wòakpɔ dzi.

Mawu ana wòakpɔ ŋkume nɛ le nusi gblɔm wòle na mí ta, eye Mawu ana na wòakpɔ ŋkume na mí, eƒe dzimetrɔlawo le duawo katã me, amesiwo wòkplɔ yiɖe Kristo gbɔ, be míaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se le Me eye be míegawɔ ƒoƒose gbeɖe o.

Alegbegbe wònyo na mí be míanɔ anyi aɖaɖoto Eyama wòagblɔ alesi míenye Eƒe Ametiatiawo na mí. Alesi Eƒe Ŋugbetɔ gbãtɔ, kple Ŋugbetɔ evelia, dziɖeleƒo le Eyama ŋu; gake mí, Eƒe nuwuɣi Ŋugbetɔ gã la MELE DZI ƉE GE LE EYAMA ŊU KPƆ GBEƉE O. Míakpɔtɔ nye Eƒe Ŋugbetɔ Nya si le aƒe nyateƒetɔ, nuteƒewɔla yiɖe nuwuwu.

Míaƒe Xɔse le Eƒe Nya me tsina ɖe dzi wu gbe sia gbe. Míele míaɖokuiwo dzram ɖo to Eƒe Nya ɖe sia ɖe sese kple toɖoɖo, to Eƒe Gbe sese be wòaƒo nu na mí dzi, to míaƒe Bibliawo xexlẽ dzi, to gbedodoɖa na Eyama kple eyama subɔsubɔ dzi le ŋkekea katã dzi.

Míenyae be Egbɔna le madidi me. Le miniti ɖe sia ɖe me fifia. Abe Noa ene la, míenɔ mɔ kpɔm be Egbɔna tsɔ si va yi; ɖewomãhi le ŋdi me, ŋdɔ me, le fĩeɣi me, gake míenyae be Egbɔna. Mawu ƒe nyagblɔɖi la kple Eƒe Nya mewɔa vodada aɖeke o, EGBƆNA. Míele esem be ŋkeke 7lia yenye esi, ke míete ŋu le alilikpawo kpɔm wole nɔnɔme xɔm eye tsiwo le dzadzam; game la su.

Míele dedie le Aɖakaʋu la me, le lalam kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe. Miva wɔ ɖeka kpli mí aɖase Mawu ƒe Gbe wòafakɔ na mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe 65-0221M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:

Mateo Kɔkɔe 5:31-32 / 16:18 / 19:1-8 / 28:19
Dɔwɔwɔwo 2:38
Romatɔwo 9:14-23
Timoteo Gbãtɔ 2:9-15
Kristotɔwo Gbãtɔ 7:10-15 / 14:34
Hebritɔwo 11:4
Nyaɖeɖefia 10:7
Mose I ta 3
Mose III 21:7
Hiob 14:1-2
Yesaya 53
Xezekiel 44:22