24-0616 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia

Gbedasi: 65-0220 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia

PDF


BranhamTabernacle.org

Aƒenɔ Yesu Kristo Lɔlɔ̃tɔ,

Ne míawɔ biabia aɖe kuɖe nane ŋu le míaƒe agbe me la, elebe ɖoŋuti vavã aɖe nanɔ anyi. Nane ate ŋu te ɖe eŋu, gake elebe ŋuɖoɖo vavã, tẽ aɖe nanɔ anyi na biabia ɖe sia ɖe. Eyata, biabia ɖe sia ɖe si doa mo ɖa le míaƒe agbewo me la, elebe ŋuɖoɖo vavã, nyuie aɖe nanɔ eŋu.

Ne Biblia me ƒe biabia ye la, elebe Biblia me ƒe ŋuɖoɖo nanɔ eŋu. Míedi be wòatso amewo ƒe hatsotso aɖe gbɔ, tso subɔsubɔƒe aɖe gbɔ, alo tso nufiala aɖe gbɔ, alo tso kɔmahatsɔŋkɔ aɖe gbɔ o. Míedi be netso Ŋɔŋlɔ la me tẽ. Elebe míanya: Afikae nye Mawu ƒe teƒe vavã kple nyuietɔ be woasubɔ Eyama le?

Mawu tia be yeado go ame; menye le hame aɖe me o, menye le kɔmahatsɔŋkɔ aɖe me o, menye le kredo aɖe me o, gake le Kristo me. Eyae nye teƒe ɖeka hɔ̃ si Mawu ado go ame le, kple afisi wòate ŋu asubɔ Mawu le, le Kristo mee. Eyae nye teƒe ɖeka hɔ̃ la. Ne èɖanye Metodistetɔ, Baptistetɔ, Katolikotɔ, Protestantetɔ, ɖesiaɖe si nàte ŋu anye la, Teƒe ɖeka hɔ̃ koe li si nàte ŋu asubɔ Mawu le ɖeteƒe, eyae nye Kristo me.

Mawu ƒe teƒe nyuietɔ, kple teƒe ɖeka si wòtia be woasubɔ Ye le la le Yesu Kristo me; emae nye Eƒe Mɔ ɖeka si wota.

Biblia do Hɔ̃ aɖe ƒe ŋugbe na mí le Maleaxi 4 me; Dzo Lilikpo si do wòle be míakplɔ. Afia hame si le tsatsam be Enye Hebritɔwo 13:8, Yesu Kristo amema ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Wodo ŋugbe na mí hã le Luka 17:30 be amegbetɔ Vi la (Hɔ̃) le Eɖokui ɖe ge afia Eƒe Ŋugbetɔ.

Le Nyaɖeɖefia 4:7 me la, wole gbɔgblɔm na mí be Lã enewoe li, kple gbãtɔa si nye Dzata. Lã si dze eyome lae nye nyitsu. Emegbe, esi dze eyome la nye amegbetɔ; amegbetɔ ma nye nudzraɖolawo, amegbetɔ ƒe sukudede, mawuŋunusɔsrɔ̃, kple etɔeawo.

Gake Biblia gblɔ be le fĩeɣi ŋɔli la, Lã mamlea si wòle be wòava lae nye Hɔ̃ si le dzodzom. Mawu ana Hɔ̃ aɖe Eƒe nuwuɣi Ŋugbetɔ la; amegbetɔ Vi la Ŋutɔ, si le Eɖokui ɖem fia le ŋutilã me be yeakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Biblia gblɔ hã be nuxoxowo katã, le Nubabla Xoxoa me la, nye vɔvɔli na nusiwo gbɔna. Esime vɔvɔli ma le tetem ɖe ŋu la, ŋɔlitata la bu ɖe vavãtɔa me. Nusi dzɔ va yi la nye vɔvɔli na nusi adzɔ egbea.

Le Samuel I 8 me la, Nubabla Xoxoa le gbɔgblɔm na mí be Mawu tsɔ Samuel nyagblɔɖila la na be wòakplɔ dukɔ la. Amewo te ɖe eŋu hegblɔ nɛ be yewole fia aɖe dim. Ete ɖe Samuel dzi alegbegbe be dzi tsoe kloe.

Mawu nɔ Eƒe dukɔ kplɔm to nyagblɔɖila sia si tsɔ eɖokui na, si dzi Ŋɔŋlɔa ɖo kpe eye wòse le eɖokui me be wogbenu le ye gbɔ. Eƒoƒu dukɔ la heɖekuku na wo be womegatrɔ le Mawu si kɔwo abe viwo ene, hena nudze dzi na wo heyra wo gbɔ o. Gake wokpɔtɔ yi dzi.

Wogblɔ na Samuel be, Mèda vo le wò amekpɔkplɔ me kpɔ gbeɖe o. Mènye aŋkwaremaɖimaɖitɔ le wò ganyawo me kpɔ gbeɖe o. Èwɔ tɔwò gome be yealé mí ɖe fli me kple Aƒetɔ la ƒe Nya. Míekpɔa ŋudzedze le nukunuwo, nunya, nunana kple Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋu. Míexɔ ema dzi se. Míelɔ̃nɛ. Eye gawu la míedi be míanɔ anyi ema manɔmee o. Nua koe nye be míele fia aɖe dim be wòakplɔ mí yiɖe aʋa me.

Azɔ ẽ ɖe ne míeyi do go yiɖe aʋa me la ekpɔtɔ nye míaƒe tamesusu be nunɔlawo nanɔ míasi ayi ɖe míaŋgɔ kple Yuda si adze eyome, eye míaku kpẽawo aɖadeɣli, adziha. Míeɖo susu be míatɔ te numa ƒe ɖeke o. GAKE MÍELE FIA AƉE SI NYE MÍADOMETƆ ƉEKA DIM BE WÒAKPLƆ MÍ.”

Esia menye ŋkeke ma ƒe kɔmahatsɔŋkɔ me tɔwo o. Esia nye amesiwo ŋutɔ gblɔ be ENYE Mawu ƒe nyagblɔɖila si Mawu tia vavã be wòakplɔ yewo.

“Ẽ nyagblɔɖila ye nènye. Míexɔ Gbedeasi la dzi se. Mawu ɖea Eƒe Nya fiana wò, eye míelɔ̃ Nɛ, eye míedi be míanɔ anyi Ema manɔmee o, gake míele ameaɖe dim tovo na WÒ be wòakplɔ mí; míaŋutɔ dometɔ ɖeka. Míekpɔtɔ ɖo ɖe ta me le gbɔgblɔm be míexɔ Gbedeasi si nèhɛ va na mí dzi se. Nya lae. Wòenye nyagblɔɖila la, gake menye wòenye Gbe ɖeka alo vevietɔ kekeake o.”

Ame nyuiewo le xexeame egbea, hame nyuiewo. Gake Aƒn. Yesu Kristo ɖeka koe li, eye míenye Eyama, Ame Siwo Wògbɔna na; Eƒe Nya Ŋugbetɔ kɔkɔe si le aƒe si le anyi nɔ ge kple GBE ƉEKA SI DZI WOƉO KPE KPLE FIA BE ENYE ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.

Ne miedi be miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me la, Jeffersonville ƒe game, míakpɔtɔ anɔ ka nu le xexea katã me anɔ esem. Nusi le dzɔdzɔ ge yenye esi.

Ɖiɖi ɖe nɔvinye ŋutsuwo, nyɔnuwo, xɔ̃nyewo dzi, le teƒe sia fiẽ sia kple le egodo le ka nu. Dukɔ vovovowo le to ɖom, tso keke Ɣedzeƒe Ƒuta va yi Ɣetoɖoƒe. Mele gbe dom ɖa, Mawu Lɔlɔ̃a, le didiƒe ke heto gbedzi le Tucson afima, keke va yi California, ɖo Nevada kple Idaho, keke yi ɖe Ɣetoɖoƒe kple kasawo, ɖo Texas; esime wona kpekpe sia la, amewo nɔ anyi ɖe—ɖe hame suewo me, le amidzeƒewo, aƒewo me, hele to ɖom. Oo Mawu, na be ŋutsu alo nyɔnu si bu, ŋutsuvi alo nyɔnuvi, le gaƒoƒo sia me, nava gbɔ Wò. Na wòava me fifi laa dzro. Míebia esia le Yesu ƒe Ŋkɔ me, bena woakpɔ dedienɔnɔ teƒe sia esime game gali.

Azɔ, Aƒetɔ, woɖe aɖikadodo sia ɖa, bena Satana, ameflula gã ma, mekpɔ dzena be wòalé Mawu ƒe via ɖeke ɖii o. Enye amesi dzi woɖu xoxo. Yesu Kristo, si nye teƒe ɖeka hɔ̃ si li na subɔsubɔ, Ŋkɔ vavã ɖeka hɔ̃ la, ɖu edzi le Kalvaria. Eye míebia Eƒe Ʋu fifi laa, bena Eɖu dɔléle ɖesiaɖe, lãmegblẽame ɖesiaɖe dzi.

Ke míeɖe gbe na Satana be wòadzo le ameha sia dome. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, do go le ame siawo me, ne woakpɔ vovo.

Amesiame si xɔ woƒe dɔyɔyɔ la le Nya si woŋlɔ ɖi la ƒe gɔmeɖoanyi nu la, mina míaƒe ɖaseɖiɖi esime miatso ɖe miaƒe afɔwo dzi agblɔ be, “Azɔ mexɔ nye dɔyɔyɔ le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.” Mitso ɖe miaƒe afɔwo dzi.

Woakafu Mawu! Mikpɔe vɔ. Mikpɔ afisia ɖa, gbafawo kple etɔeawo le tsitre tsim. Kafukafu na Mawu! Yee ma. Mixɔe se ko. Ele afii.

Nɔvi. Joseph Branham

Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia
65-0220

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la ƒe sese:

Mose V 16:1-3
Mose II 12:3-6
Maleaxi Ta 3lia kple 4lia
Luka 17:30
Romatɔwo 8:1
Nyaɖeɖefia 4:7