Gbedasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
- 25-1026 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
- 24-0211 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
- 22-0724 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
- 20-0531 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
- 18-0325 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
Nyaƒokasela Lɔlɔ̃tɔwo,
Ɣeyiɣia de be ele be amesiame nabia eɖokui be: “Ne mele to ɖom nyaƒokawo la, Gbe kae mesena? Ðe William Marrion Branham ƒe gbe koe mesena, alo ɖe mesea Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkekea? Ðe wònye amegbetɔ ƒe nya, alo ɖe mele Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi Sem? Ðe mehiã ame aɖe si aɖe nusi sem mele la gɔmea, alo ɖe Mawu ƒe Nya mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke oa?”
Míaƒe ŋuɖoɖoe nye be: Míele Nya si Wogblɔ wòzu ŋutilã la sem. Míele Alfa kple Omega ƒe nyawo sem. Míele Eyama, Dzosɔti la sem, wòle nu ƒom to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi abe alesi Wògblɔ be Yeawɔe le míaƒe ŋkeke me ene.
Míesea amegbetɔ ƒe nya o, míesea Mawu, eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me ƒe nya. Mawu ƒe Gbe ɖa wu, sẽ ŋu wu yi ɖaɖɛ nuevee, si lãa ƒu gɔ̃ hã, eye wònye tamesusu siwo le dzi me la ƒe dzesidela.
Woɖee fia mí be Nusi wònye esime Wòzɔ le Galilea la nye nu ma ke si Wònye le zã sia me le Jeffersonville; nu ma ke si Wònye le Branham ƒe Agbadɔa me. Enye Mawu ƒe Nya si wole ɖeɖem ɖe go. Nusi Wònye ɣemaɣi la, Eganye zã sia, eye Wòanye ɖaa. Nusi Wògblɔ be Yeawɔ la, Ewɔe.
Amea menye Mawu o, gake Mawu gakpɔtɔ le agbe hele nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ to ame ma dzi. Mía katse asubɔ amea o, ke boŋ míesubɔa Mawu le ame ma me; elabena eyae nye ame si Mawu tia be wòanye YEƑE GBE eye wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me.
Esi Wòna nuwuɣi gã sia ƒe Ɖeɖefia mí ta la, míate ŋu ade dzesi AMESIWO MÍENYE azɔ, Nya si zu ŋutilã le míaƒe ŋkekea me. Satana magate ŋu aflu mí o, elabena míenya be míenye Eƒe ɖetugbui leaƒe Nya Ŋugbetɔ si wogbugbɔ ɖo te bliboe.
Gbe ma gblɔ na mí be: Wotsɔ nusiwo katã hiã mí la na mí XOXO. Mehiã be míagalala o. Woɖee Gblɔ, MÍATƆ YE, MÍATƆ WÒNYE. Ŋusẽ aɖeke mele Satana si ɖe mía dzi o; Woɖu edzi.
Kakaɖedzitɔe la, Satana ate ŋu atsɔ dɔléle, blanuiléle, kple dziveame aƒu gbe ɖe mía dzi, gake Fofo la na ŋutete mí xoxo be míanyae DO GO…ƉEKO MÍEƉEA NYA LA GBLƆ NA, eye ele nɛ be wòadzo….menye le esi míegblɔe ta o, ke boŋ le esi MAWU GBLƆE TA.
Mawu ma ke si wɔ kadzidɔewo, esime kadzidzɔe aɖeke menɔ anyi o. Si na nɔvinyɔnu Hattie eƒe dzi ƒe didi: viaŋutsu eveawo. Si da gbe le nɔvinyɔnu Branham ŋu tso ŋutètè ma si me hafi ɖɔkita ƒe asi na ka eŋu. Enye MAWU MA KE si mele kpli mí ɖeɖeko o, KE BOŊ ELE AGBE HELE MÍA ME. MÍAWOE NYE NYA SI WOWƆ ZU ŊUTILÃ.
Ne míeɖe ŋku heɖo to gbe si le nyaƒokawo dzi la, míekpɔa hesea Mawu wònɔa Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Míekpɔa heɖoa to amesi Mawu dɔ ɖa be wòakplɔ mí ayi ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi. Míede dzesii be Ŋugbetɔ la ɖeɖeko si ye Ɖeɖefia ma anɔ, alea míezu vɔvɔ̃manɔsitɔwo. Mehiã be míatsi dzodzodzoe, anye nuxaxatɔwo, dziɖeleameƒotɔwo, abia nya míaɖokui se alo atsi dzimaɖi o…MÍENYE ŊUGBETƆ LA.
Ɖo to eye nànɔ agbe, nɔvinye, nɔ agbe!
Miɖo to Yesu fifia eye mianɔ agbe;
Elabena Wolée ɖe nyaƒokawo dzi, Aleluya!
Ðeko wòle be míaɖo to anɔ agbe.
Oo, Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ, ŋkeke gã kae nye si me míele. Nusi míele mɔ kpɔm na, miniti ɖesiaɖe. Ŋkeke ɖesiaɖe ko fifia míele míaƒe lɔlɔ̃tɔwo kpɔ ge, ekema, le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, míado le afisia eye míanɔ wo gbɔ le go kemɛ. Egogo ale gbegbe be edze abe míate ŋu asee le míaɖokui me ene…ŊUTIKƆKƆE!
Va Ŋugbetɔ, mina míawɔ ɖeka ake aƒo xlã Mawu ƒe Gbe le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Game, esi míase Eyama wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nya la na mí.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu
Ŋɔŋlɔawo:
Mose IV 21:5-19
Yesaya 45:22
Zaxaria 12:10
Yohanes Kɔkɔe 14:12