25-0504 Vixɔxɔ #1

Gbedasi: 60-0515E Vixɔxɔ #1

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔwo Siwo Woxɔ Vi,

Azɔ míele Mawu ƒe nu sesẽwo ɖum eye Eƒe Nya la ƒe gɔmesese nyuietɔ le míasi. Mawu tsɔ Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ na mí. Míaƒe gbɔgbɔmesusu metɔtɔ o.

MÍENYA amesi tututu Wònye. MÍENYA nusi tututu Wònye. MÍENYA afisi tututu míeyina. MÍENYA amesi tututu míenye. MÍENYA Amesi dzi míexɔ se eye woƒoe ɖe míanu be Ate ŋu lé nusi míetsɔ ɖo Esi la ɖe ŋkekea ŋu.

Eƒo nu eye wòɖe nya ɣaɣla siwo katã woɣla tso esime woɖo xexeame gɔme anyi na mí la ɖe go. Egblɔ alesi ame bubuwo gbea Eƒe mɔ si wona ɣesiaɣi hedia kplɔla bubu aɖe la na mí, gake hatsotso sue aɖe anɔ esi si anye nuteƒewɔla anɔ anyi kple Eƒe Nya la.

Xexeame godoo, womaƒo ƒu wo ɖe teƒe ɖeka bene woawɔ nuwo hamenue o. Gake woƒe hatsotso suesuewo akaka ɖe anyigba katã dzi.

Ŋutikɔkɔe, míekaka ɖe anyigba katã dzi, gake míewɔ Ɖeka abe ame Ɖeka ene to Play Zizi kple Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí sese me.

Mina míafi nusi Wòagblɔ na mí to eƒe dɔla ŋusẽtɔ la dzi le Kwasiɖagbe kpɔ aɖaɖɔese.

Nye lɔlɔ̃tɔ Tiatiawo, mienɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me fifia. Menye le egodo le afi sia afi ko o, ke boŋ le “Dziƒo” nutowo me; Enye miaƒe ɖoƒe abe xɔsetɔ ene. Miedo gbe ɖa ʋu hele gbesɔsɔ na Gbedeasi la. Mieƒo mia ɖokuiwo nu ƒu abe ame kɔkɔewo ene, wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nyrɔ̃ mí, míeyɔ fũ kple Mawu ƒe yayrawo. Woyɔ mi, wotia mi, eye wotsɔ miaƒe gbɔgbɔ geɖe Dziƒo ƒe ayaƒoƒo me.

Nukae ate ŋu dzɔ. Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɔ agbasam le dzi ɖesiaɖe dzi. Wogbugbɔmi dzi eye miezu nuwɔwɔ yeye le Kristo Yesu me. Miaƒe nuvɔ̃wo katã le Ʋu la te. Miele subɔsubɔ deblibo me, kple miaƒe asiwo kple dziwo le dzi ɖo Ɖem, le Nye subɔm ɖe du le Dziƒo Nutowo me.

Woɖo mi Ɖi, Wotia mi, le Nye Nunyadaɖi me. Wotia mi, Wokɔ mia ŋu, Wotso afia na mi to ɖoɖoɖi me. Manya wɔ be woaflu mi o. Meɖo mi ɖi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Mawu suewo mienye, wotre mia nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋugbedodo; Menye ɖeko wodzi mi ɖe ƒomea me o, Vinyeŋutsuwo kple Vinyenyɔnuwo siwo mexɔ vi.

Mayra mi kple Mawume dɔyɔyɔ, nunyadaɖi, ɖeɖefia, ŋutegawo, ŋusẽwo, gbegbɔgblɔwo, gɔmeɖeɖewo, nunya, sidzedze, kple Dziƒo yayrawo katã, kple dzidzɔ manyagblɔ kple ŋutikɔkɔe fũ.

Dzi ɖesiaɖe ayɔ fũ kple Nye Gbɔgbɔ. Miazɔ ɖe du, anɔ anyi ɖe du, le Dziƒo nutowo me. Tamesusu vɔ̃ɖi ɖeka pɛ hã mele mia dome o, sigareti ɖeka pɛ hã womeyɔ o, awu kpui ɖeka pɛ hã o, menye esia ɖeka, ema alo bubu o, susu vɔ̃ɖi ɖeka pɛ hã o, ame aɖeke meɖo naneke ɖe wo nɔewo ŋu o, amesiame si le nu ƒom le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me, amesiame kple gbe le du le teƒe ɖeka.

Ekema kasia, gbeɖiɖi aɖe aɖi tso Dziƒo abe ya sesẽ aɖe ene eye Matsɔ gbɔgbɔme yayrawo katã ayra wò. Ekema mianɔ abe Dawid ene, anɔ ɣe ɖum le Aɖaka la ŋgɔ, anɔ gbɔgblɔm na xexeame be ŋu mele miakpem o, MIENYE NYE NYAƑOKA ŊUGBETƆ! Miezia play dzi eye miexɔa NYA ƉESIAƉE si megblɔna dzi sena. Wome, eye womate ŋu aʋã mi o!

Ame bubuwo ate ŋu agbee, alo womase egɔme o, gake na miawo ya la, miaƒe bubu ƒe akɔtagbalẽvi ye. Abe alesi Dawid gblɔe na srɔ̃a ene be; “Èsusu be esia nye nane lo, lala vaseɖe etsɔ ko, míanɔ to ɖom nyaƒoka geɖe wu gɔ̃ hã, anɔ Aƒetɔ la kafum, esime míayɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ; elabena míele Kanaan, yina ɖe ŋugbedodonyigba la dzi.”

Ekema makpɔ anyi me tso Dziƒo agblɔ na mi be:

“Mienye Ŋugbetɔ le Nye ŋutɔ Nye dzi ŋu.”

Yayra siawo ate ŋu anye wòhã tɔwò. Va, wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ɣetrɔ ga 12, Jeffersonville ƒe Game, eye nàkpɔ Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ si tɔgbe mèkpɔ kpɔ o esi míase Mawu ƒe Gbe na egbe wòaƒo nu na mí eye wòatsɔ Gbedeasi la vɛ na mí: Vixɔxɔ#1 60-0515E.  

Miɖo ŋku dzi be, esia yi na hame la, menye na egodotɔ o. Enye nyaɣaɣla si nye adzototo nɛ, mete ŋu se egɔme kpɔ o, enye nusi kɔkɔ gbɔ eta, meganya naneke kura koŋ kuɖe eŋuti o. Gake, na hamea ya la, anyitsi wònye le agakpe me, dzidzɔ manyagblɔ ye, kakaɖedzi yayra la ye, luʋɔ ƒe seke ye, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple ziɔɖeŋu ye, Dzidzimewo ƒe Agakpe ye, oo, enye nusianu si nyo la. Elabena dziƒowo kple anyigba nu ava yi, gake Mawu ƒe Nya la nu mayi akpɔ o.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi Gbedeasia nadze egɔme:
Yoel 2:28.
Efesotɔwo 1:1-5.
Korintotɔwo I 12:13
Petro I 1:20 .
Nyaɖeɖefia 17:8.
Nyaɖeɖefia 13