22-0424 Eléa Be Na MI. Ɖe Mietsɔa Ɖe Le Mea?

Gbedasi: 63-0721 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?


BranhamTabernacle.org

Dodo ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Abe alesi Hebriviwo ƒo ƒu ɖe du le ŋdikanyawo me be woaxɔ mana si wonawo le zã me, be wòalé wo ɖe te le ŋkeke si gbɔna la me la, míawo hã le ƒuƒom ɖe du na gbɔgbɔme Mana si wona mí be wòalé mí ɖe te na míaƒe mɔzɔzɔ la.

Ŋugbetɔ la wɔ ɖeka ɖe du le ɖekawɔwɔ ƒomevi aɖe me kple Mawu, sẽ ɖe esime wole Ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖem ɖe go le Ŋugbetɔ la me. Míele Nya ɖe sia ɖe si woɖe gblɔ me lém ɖe asi eye míezu Ɖeka kple EYAMA.

Dukɔwo ƒe dzidadawo yɔ fũ. Eƒo ɖi. Game su azɔ na míaƒe dodo ayi ɖe Ŋugbedodo Nyigba dzi, ayiɖe míaƒe Aƒeme. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo.

Abe alesi wòwɔe le Eƒe dodo gbãtɔ me, le Eƒe dodo evelia me, azɔ fifia le Eƒe dodo etɔ̃lia me ene la, Mawu tia hedɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo ɖe mí kple Dzo Lilikpo ƒe Gbɔgbɔme dzesi, alebena amewo megawɔ vodada o, eye woanyae be eyae nye amesi Yetia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Nusi Eƒe nyagblɔɖila gblɔ la nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Enye Mawu, sinɔ ɖiɖim tso Dzo Lilikpo la me, le Eƒe Nya ɖem fia hele kpe ɖom edzi. Dzo Lilikpo ma si ami na Eƒe nyagblɔɖila henɔ tsitre abe Dziƒo Ɖasefo aɖe ene be yeatsɔ fia be yee enye amesi wotia be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ yiɖe Ŋugbedodo Nyigba la dzi.

Míexɔe se be elebe hameawo katã woadoka ɖe du le Gbe Sia te, eye mele be woamã o. Nukae klã míadome mahã? Menye míaƒe agbadze ƒe kɔlawoe o. Menye nuɖuɖu si ƒomevi ɖum míele ye o. Ame wònye dzo ɖa le Nyanyuie ƒe nufiafia ƒe mɔtata la dzi, ame ɖe sia ɖe.

MƆ ƉEKA koe li be woafia esi nyo kple gblẽ la kɔtɛ. Mɔnu ɖeka si dzi miate ŋu awɔe le la, nye to gɔmeɖeɖe aɖeke dede Nya la me o dzi, gake Mixlẽe ko eye Misee, eye mixɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se.

Gake egblɔ be womele ewɔm le nuʋaʋa ta o, le gbɔgbɔme ŋkugbagbã tae, womedi be Yewoakpɔe o. Womedi be Yewoasee o.

Dziƒo Mawu la atso, eye nye gbe anɔ Mawu ƒe ɣeyiɣi gã ƒe nyaƒoka dzi le go kemea dzi, eye abufɔ dzidzime sia le ŋkeke mamlea me.
Elabena, ele—ele nyaƒoka dzi, emegbe la anɔ nyaƒoka Mavɔ la dzi ekema.

Enye Mawu, Eŋutɔ, ɖe eɖokui ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, to Yesu Kristo ƒe Ʋu me, be yeawɔ agbe aɖe kɔkɔe alebena yeate ŋu ɖe Yeɖokui fia to eme, eye egbe la wole Nya ma ke si woɖe ɖe go klam.

Ke azɔ amesiwo le esem to nyaƒoka dzi la, woase nyuie dzro. Eye nutete nanɔ míasi be míate ŋu lé nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe le agbagba dzem be yeaɖe fia mí la.

Mie LÉ nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le agbagba dzem be yeaɖe fia mí, eye míakatã míeyina ɖe Ŋugbedodo Nyigba dzi. Míadometɔ ɖe sia ɖe! Èɖanye nyɔnu aƒedzikpɔla, loo èɖanye kosivi, loo èɖanye nyɔnu tsitsi, loo ɖekakpui, loo ŋutsu tsitsi, loo nukake nènye la, míele dzodzom, alekeke hã. Míadometɔ aɖeke matsi anyi o. Míadometɔ ɖe sia ɖe le dzodzom!!!

Mate ŋu ava me kpɔ gbeɖe be Mawu malé Eƒe Nya me ɖe asi na mí o, ne míele míaƒe Nya me ɖe asi na Mawu. Ne Miexɔe se vavã la, naneke meli si ate ŋu ana miakeɖi esia o. Ɣeyiɣi, teƒe, nububu aɖeke meli si ate ŋu ana miakeɖi esia o.

Eléabe na mí alegbegbe be Edɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo ɖe mí, be wòakplɔ mí, Eƒe dukɔ tiatia la, to sisi mɔ aɖe nana mí dzi. Meléabe na mí be yeaɖe mí do
go ɖeɖeko o, Ena mí nu sia nu si hĩa mí esime míele míaƒe mɔzɔzɔ la me. Eɖu futɔ ɖe sia dzi na mí. Eyɔadɔ mí ne míelé dɔ. Edzra Mana ɣlaɣla ɖo ɖi na mí be wòanyi mí gbe sia gbe; Eɖu ku dzi ŋutɔ gɔ hã, nusi ko wòle be miawɔ lae nye be mianye movevietɔ aɖaxɔ Esia se.

Woɖo mí ɖi na Agbe Mavɔ. Míese Esia eye míekpɔ dzidzɔ le Eŋu. Miaƒe Akɔfafa ye. Enye Nusi míedi vevie le míaƒe agbe la katã me. Adzagba ma si ta míegblẽ nu sia nu ɖi lae. Míele Edim elabena míenyae be Mawu ƒe belélé lɔlɔ̃tɔ wònye na mí.

Ɖee nèhĩa NANE, le gbɔgbɔme, le kodzogbeme, alo zɔzɔ kpikplikpli aɖe ko, alo ayɔ fũ alo agayɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe laa? Va wɔɖeka kpli mí le Mawu ƒe Nya kple mɔ si wona na egbe la ŋu eye nàxɔ nusi le wòhĩam la, NE NÈTSƆA ƉE LE EME NA EYAMA. Edo ŋugbe be yeadɔ Esia ɖa, eye Ewɔe! Edo Eƒe ŋugbe le Eƒe Nya me, ke Eyae nye esi! Eléa be na wò, azɔ ɖe nètsɔa ɖe le mea?

Nane anɔ dziwò me si anɔ gbɔgblɔm na wò be, “nye xaxawo vɔ. Mahaya. Woayɔm fũ. Mate ɖe Eyama ŋu wu. Menye Eƒe Ŋugbetɔ.”

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Eléa Be Na MI. Ɖe Mietsɔa Ɖe Le Mea? 63-0721.

Anye lɔlɔ̃ ƒe azã gã aɖe esime miaɖo to Eyama wòanɔ gbɔgblɔm na mi be Yeléa be na mi, le ŋkeke kple zã me siaa, Yeléa be na mi.

Nɔvi. Joseph Branham

Yohanes Kɔkɔe 5:24/ 15:26
1Petro 5:1-7

Hebritɔwo 4:1-4